Nukatae Wòle Be Nàlɔ̃ Tsɔtsɔke?
CANADATƆWO ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star ka nya ta be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le numekuku aɖe wɔm si me wòle dzedzem le be tsɔtsɔke ate ŋu ade seselelãme—kple kakaɖedzitɔe la, ŋutilã me—lãmesẽ dzi.” Gake Nufialagã Carl Thoresen, si le Stanford University, U.S.A., amesi nye Stanford Tsɔtsɔke Ŋuti Numekukua wɔlawo ƒe ŋgɔnɔla gblɔ be, “ame ʋɛ aɖewo koe nya nusi tsɔtsɔke nye kple alesi wòwɔa dɔe.”
Wobu tsɔtsɔke vavãtɔ be enye Kristotɔnyenye ƒe akpa vevi aɖe. The Toronto Star nyatakakaa ɖɔe be enye “dzesidedee be wodze agɔ le ye dzi, asiɖeɖe le dziku ɖesiaɖe si nyaa he vɛ ŋu, eye mlɔeba nuwɔwɔ ɖe agɔdzelaa ŋu le nublanuikpɔkpɔ me ahaɖe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã afiae.” Ele be woade vovototo ema kple agɔdzelaa dzidede, taflatsedodo, ŋkumaɖomaɖo edzi, alo gbegbe be yemedze agɔ o dome; eye mefia be nàɖe mɔ be woanɔ ŋlɔmi wɔm le ŋuwò hã o. Nyatakakaa gblɔ be tsɔtsɔkee nye “asiɖeɖe le dziku kple seselelãme manyomanyo ŋu.”
Numekulawo gblɔ be ehiã be yewoawɔ numekuku geɖe ku ɖe alesi tsɔtsɔke dea ame ƒe lãmesẽ dzii ŋu. Gake woka nya ta be eɖea vi na ame ƒe susu, eye “wòɖea nuteɖeamedzi, dzimaɖitsitsi, kple blanuiléle dzi kpɔtɔna.”
Woƒo nu tso susu nyui aɖe si ta wòle be míalɔ̃ tsɔtsɔke ŋu le Efesotɔwo 4:32 be: ‘Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.’ Le tsɔtsɔke kple nu bubu ɖesiaɖe gome la, woxlɔ̃ nu mí be míanye Mawu srɔ̃lawo.—Efesotɔwo 5:1.
Nu ate ŋu agblẽ le mía ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Mawu ŋu vevie ne wòsɔ be míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia hafi míegbe ewɔwɔ. Yehowa di tso mía si be míatsɔ ake mía nɔewo. Eya ko hafi míate ŋu ado gbe ɖa be wòatsɔ mía tɔ hã ake mí.—Mateo 6:14; Marko 11:25; Yohanes I, 4:11.