Mawumenunya—Aleke Woɖenɛ Fianae?
“WODOA vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to ɖe eƒe nyawo ŋu o.” Nunyala Fia Salomo zã nya siawo tsɔ ƒo nya tae le ŋutinya si wògblɔ tso ŋutsu dahe nyanu aɖe si ɖe du blibo aɖe tso tsɔtsrɔ̃ me ŋu. Gake ewɔ nublanui be “ame aɖeke meɖo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.”—Nyagblɔla 9:14-16.
Edzɔna be amegbetɔwo doa vlo ame dahewo, ne wowɔ nu nyuiwo gɔ̃ hã. Esia nye nyateƒe le Yesu gome. Yesaya gblɔ nya ɖi le eŋu be: “Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye.” (Yesaya 53:3) Ame aɖewo ɖi gbɔ Yesu le esi bubu nɔƒe kɔkɔ menɔ esi alo le esi mexɔ ŋkɔ abe ŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ene o ta ko. Gake nunya si ƒo amegbetɔ nuvɔ̃me ɖesiaɖe tɔ ta sasasãe nɔ esi. Amesiwo nɔ Yesu dedu me gbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be ‘atikpala ƒe vi’ sia ɖe nunya sia gbegbe fia hewɔ ŋusẽdɔ mawo gbegbe. Gake esia nye vodada gã aɖe wowɔ elabena nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be Yesu “mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afima o, le woƒe dzimaxɔse ŋuti.” Nuka gbegbee nye si to ame mawo ŋu!—Mateo 13:54-58.
Megadzɔ le mía gome be míawɔ vodada ma ƒomevi gbeɖe o. Yesu gblɔ be “nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.” Menye ɖoƒe alo hadomegbenɔnɔ ƒe ɖoƒe si le amesiwo le Mawu ƒe dɔ wɔm hele dziƒonunya fiam amewo lae na wotoa vovo o, ke boŋ “ku nyui” si wotsena lae—si nye woƒe xɔse kple nuwɔna si wotu ɖe Biblia dzi.—Mateo 7:18-20; 11:19.