Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃—Ewu Nyagbɔgblɔ Dzro Ko
ESI dzo bi aƒe si me Bartholomew-ƒomea nɔ le Trinidad la, woƒe nuwo katã fiã negbe woƒe agbe ko. Woƒe ƒometɔ aɖe te ɖe wo ŋu xɔ wo ɖe eƒeme, gake ema mewu nyaa nu o.
Olive Bartholomew nye Yehowa Ðasefo, eye hame si me wòle me tɔwo—kpakple esiwo le nuto siwo ƒo xlã wo me—dze nudzɔdzɔ gɔme be woatsɔ agbugbɔ atso aƒe si wo kple eƒe ƒomea bu la. Woɖo kɔmiti be wòakpɔ aƒea gbugbɔgatso gbɔ, eye xɔa tutu dze egɔme. Ðasefo siwo ade 20, kpakple aƒelika aɖewo, va dɔa wɔƒe. Ðeviwo gɔ̃ hã ƒo wo ɖokui ɖe dɔa wɔwɔ me, eye bubuwo nɔ numeɖenuwo nam dɔa wɔlawo.
Abe alesi woka nya ta le Trinidad ƒe Sunday Guardian me ene la, Olive gblɔ be: “Ewɔ nuku na nye ƒometɔwo ale gbegbe. Womenye Ðasefowo o, eye vaseɖe fifia, nusi teƒe kpɔm srɔ̃nyeŋutsua le la me mele kɔkɔm nɛ o.”
Esi amesi kpɔ xɔtutudɔa dzi nɔ agbagba si dzem wonɔ ŋu nya gblɔm kpuie la, ete gbe ɖe edzi be le nyateƒe me la, nuwɔna siawo nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi. Egblɔ be: “Míeyina tso aƒeme yi aƒeme nɔa nu ƒom tso lɔlɔ̃ ŋu wònyea nyagbɔgblɔ dzro ko o. Míedzea agbagba be míawɔ ɖe nusi ƒe gbeƒã ɖem míele dzi.”—Yohanes 13:34, 35.
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Olive Bartholomew kple srɔ̃aŋutsu