INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 11/1 axa 32
  • Xexeme Ŋutifafa—Alekee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xexeme Ŋutifafa—Alekee?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 11/1 axa 32

Xexeme Ŋutifafa—Alekee?

ÐE ŊUTIFAFA gbɔna xexeame kpuiea? Ame geɖe bui nenema tsã gake kakaɖedzi megale wo si fifia o. Le nyatakaka aɖe si wota ɖe South Africa ƒe Daily Mail & Guardian me si nɔ nu ƒom tso míaƒe etsɔmekuxiwo ŋu nu la, “edze abe dukɔwo dome ɖoɖo si wogblɔ ɖi ƒe 10 pɛ siwo va yi la nye mɔkpɔkpɔ gbɔlo fifia ene.”

Mɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme si nɔ anyi ƒe ewo pɛ siwo va yi ŋue agbalẽa ŋlɔlawo le nu ƒom tsoe. Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia wu enu eteƒe medidi o, eye xexemeŋusẽwo megale ho ʋlim kple wo nɔewo o. Le ɣeyiɣi si me wòdze abe ɖe azã yeye aɖe ɖo vɔ ene la, ame geɖe kpɔ mɔ be ameƒomea ate ŋgɔyiyi ɖedzesi aɖe wɔwɔ le koɖoɖo, dɔléle, kple nutomekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Nyatakakaa gblɔ be: “Fifia nyagblɔɖi mawo dze abe mɔkpɔkpɔ gbɔlo ko wonye le amewo ƒe susu me ene. Aʋa yeyewo le dzɔdzɔm le nuto siwo ŋu míesea nu tsoe tsã o me; koɖoɖo kpɔtɔ le dzi yim le xexeame. Nukliaʋawɔnuwo va le dukɔ yeye eve si. Bubu klo le Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu ale gbegbe le alesi mete ŋu le kpekpeɖeŋunadɔ si le ta kekem gbɔ kpɔm o ta. Mɔkpɔkpɔbuɖeame va le xɔxɔm ɖe mɔkpɔkpɔnɔamesi teƒe.”

Biblia srɔ̃lawo dze sii be agbagba ɖɔʋu ka kee amegbetɔwo adze o, madze edzi bliboe akpɔ o. Nukatae? Elabena abe alesi Biblia gblɔe ene la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Esi xexeame le Satana ƒe ŋusẽ te ta la, womate ŋu ana Paradiso ƒe nɔnɔme si ta Mawu wɔe ɖo naxɔ aƒe ɖi o.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, susu aɖe li si ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ ame si ɖo. Yehowa Mawu do ŋugbe be yeana ŋutifafa nava xexeame, menye to asi tɔtrɔ le nuɖoanyi sia ŋu dzi o, ke boŋ ana “anyigba yeye” si me “dzɔdzɔenyenye anɔ la” nava. (Petro II, 3:13) Ẽ, woato Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi atrɔ míaƒe anyigba la wòazu ŋutifafa kple dzidzɔ nɔƒe, afisi agbenɔnɔ kple dɔwɔwɔ anɔ dzidzɔ dom na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã le ɖaa. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu do ŋugbe be “[yeatutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Ŋugbedodo siawo menɔ te ɖe amegbetɔwo ƒe nyagbɔgblɔ gbɔlowo dzi o. Ke boŋ Wɔla, amesi mate ŋu aka aʋatso o, ƒe Nya si me alakpa mele o dzie wonɔ te ɖo.—Nyaɖeɖefia 21:4; Tito 1:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe