INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 11/15 axa 32
  • Viɖe Mavɔ Le Ememe Nyonyo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Viɖe Mavɔ Le Ememe Nyonyo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 11/15 axa 32

Viɖe Mavɔ Le Ememe Nyonyo Ŋu

KRISTOTƆ WƆNUTEƑE AÐE SI TSI LE ƑE ME GBLƆ BE: “ÐEKAKPUI TSƆNƐ BE NYONYO KPLE NƆNƆME NYUI NYE NU ÐEKA.”

Ẽ, tso gbaɖegbe kee amegbetɔ dea asixɔxɔ gotagome nyonyo ŋu madzemadzee, eye esia wɔnɛ zi geɖe be megabua ememe nyonyo ŋu boo le eƒe nyametsotsowo wɔwɔ me o. Gake amesi míenye le ememee mía Wɔla ya kpɔna, metsɔ le eme alesi míaƒe gotagome dzedzeme le o. Eto mɔ sia nu ɖo nyametsotso nyuiwo wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Biblia gblɔ be Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:7, 8.

Mawue nye amegbetɔ ƒe nyonyo vavãtɔ Dzɔtsoƒe, eye eƒe Nya ɖee fia be ne míele ŋku lém ɖe ame ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, gbɔgbɔmenɔnɔmewo le vevie wu. Biblia gblɔ be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” (Lododowo 31:30) Le nyateƒe me la, gotagome nyonyo ate ŋu ana be alesi ame vloe le ememe madze o. (Ester 1:10-12; Lododowo 11:22) Togbɔ be ŋutilã me nyonyo nu yina ne ɣeyiɣiwo va le yiyim hã la, ememe nyonyo—si nye dzi ƒe nɔnɔme—ya ate ŋu atsi ahanɔ anyi ɖaa.

Eyata aleke gbegbe nunya le emee nye si be míatu nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu ɖoe! (Galatiatɔwo 5:22, 23) To esia dzi la, ememe nyonyo, si ŋu viɖe mavɔ vavã le la ate ŋu asu mía si.—Petro I, 3:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe