Ðe Subɔsubɔhawo Ƒe Ðekawɔɣi Ðoa?
Xexeame Katã ƒe Luther Subɔsubɔhawo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla, Christian Krause, gblɔ be: “Míele ŋkeke ɖedzesi aɖe teƒe kpɔm le míaƒe subɔsubɔhawo ƒe ŋutinya me.” Nenema ke Papa John Paul II hã ƒo nu tso “Kristotɔwo dome ɖekawɔwɔ blibo gbugbɔgaɖoanyi si menɔ bɔbɔe o ƒe wɔna ɖedzesi aɖe” ŋui.
Nusi na wogblɔ nya siawo dzonɔamemetɔe enye asi si wode Numeɖeɖe si Dzi Ha Evea Lɔ̃ Ðo ƒe agbalẽ te le October 31, 1999, dzi, le Augsburg, Germany, wònye kpeɖoɖo Ha Evea ƒe Numeɖeɖe le Afia Dzɔdzɔe Tsotso na Ame ƒe Nufiafia ŋu dzi. Ɣeyiɣi kple teƒe si wode asi ete le la sɔ ŋutɔ. Wogblɔ be le October 31, 1517, dzi la, Martin Luther klã eƒe nutsotso 95 ɖe sɔlemexɔgã si le Wittenberg ƒe ʋɔtru dzi eye wòto edzi ɖo Protestanttɔwo ƒe Ðɔɖɔɖoa anyi. Le nyateƒe me la, Augsburg enye afisi Luthertɔwo ɖe woƒe dzixɔse vevi, si nye Augsburg Xɔsemeʋuʋu, gblɔ le le ƒe 1530 me, si nye esi dzi Katoliko-ha la meda asi ɖo o si he mama gã aɖe si gbɔ womete ŋu le kpɔkpɔm o la de Protestant subɔsubɔha kple Katoliko-ha la dome.
Ðe Numeɖeɖe si Dzi Ha Evea Lɔ̃ Ðo la anye afɔɖeɖe vevi si dzi woato akpɔ mama si le sɔlemehaawo dome gbɔ, abe alesi wogblɔe enea? Menye akpa evea dzidelawo katãe ka ɖe edzi o. Protestant mawunyaŋununyala siwo wu 250 de asi agbalẽ te tsɔ tsi tre ɖe eŋu be Katoliko-ha ava ɖu yewo dzi. Esi Katoliko-ha yɔ ƒe 2000 be nuvɔ̃tsɔtsɔkeƒe tɔxɛ la, Protestanttɔwo do dziku ŋutɔ, esi nye nusi tututu he mamaa vɛ le ƒe 500 si va yi me. Eye esi wònye be Augsburg Xɔsemeʋuʋu kple Katolikotɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe eŋu si dzi Trent ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea da asi ɖo gakpɔtɔ li ta la, womate ŋu awɔ ɖeka gbeɖe o.
Mama kple masɔmasɔ siwo le Kristodukɔa me la de ŋgɔ wu nusi asidede ha eve ƒe numeɖeɖe si dzi wolɔ̃ ɖo ƒomevi ɖesiaɖe te ate ŋu aɖɔ ɖo. Gawu la, nusi dzi xɔse ƒe ɖekawɔwɔ nɔ te ɖoe nye dzixɔse siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi sesĩe. (Efesotɔwo 4:3-6) Nusi Mawu bia tso mía si la sɔsrɔ̃ kple edziwɔwɔ mee ɖekawɔwɔ vavãtɔ tsona, ke menye to lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi le ame nɔewo dome dzie o. Nyagblɔɖila wɔnuteƒe Mixa gblɔ be: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mixa 4:5.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
© Ralph Orlowski/REUTERS/Archive Photos