INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 12/15 axa 32
  • “Nane si Ana Dzi Nadzɔ Amesiame”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nane si Ana Dzi Nadzɔ Amesiame”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 12/15 axa 32

“Nane si Ana Dzi Nadzɔ Amesiame”

AME siwo ade 10,500 ye le Tuvalu, si nye dukɔ dzeani aɖe si me ƒukpo asieke le le Anyiehe Pasifik. Esi Yehowa Ðasefo siwo le afima nyae be Mawu ƒe “[lɔlɔ̃nu enye] be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” ta la, wodi vevie be Biblia-gbalẽwo nanɔ yewo degbe me. (Timoteo I, 2:4) Esia wɔwɔ sesẽ, le esi nyagɔmeɖegbalẽ aɖeke meli le gbe sia me o ta. Le ƒe 1979 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖe si nɔ subɔsubɔm le Tuvalu xɔ dɔ sia ƒu akɔ. Woa kple srɔ̃a nɔ ƒome aɖe gbɔ le dua me, srɔ̃ gbea, eye ʋɛʋɛʋɛ la, woŋlɔ Tuvalugbe me nyawo ɖi heɖo wo ɖe ɖoɖonu. Kaka ƒe 1984 naɖo la, Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ɖe Tuvalugbe me.

Ðk. T. Puapua, amesi nye Tuvalu dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ tsã ŋlɔ lɛta tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Agbe Tegbee gbalẽa ŋu. Eŋlɔ bena: “Agbalẽ sia hã ganye Tuvalutɔwo ƒe ‘domenyinu’ vevi xɔasi yeye bubu si wotsɔ kpe ɖe esiwo li xoxo ŋu. Ele be dzi nadzɔ mi ŋutɔ ɖe akpa si miewɔ la ŋu—si nye akpa nyuitɔ kekeake le dukɔ sia me tɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ tutuɖo me. Mexɔe se be woaŋlɔ dɔ sia ɖe Tuvalutɔwo ƒe ŋutinya si ku ɖe nusrɔ̃gbalẽwo tata ŋu la me. . . . [Dɔ sia si miewɔ la] nye nane si ana dzi nadzɔ amesiame.”

Gbegɔmeɖelaawo ƒe nya siwo gɔme woɖe heɖo ɖe ɖoɖonu da ɖi na be wova ta Tuvalugbe yi Eŋlisigbe me nyagɔmeɖegbalẽ le ƒe 1993 me. Eyae nye nyagɔmeɖegbalẽ gbãtɔ le gbegbɔgblɔ ma me si amesiame zãna. Nyitsɔ laa la, Tuvalu Dukɔ me Gbegbɔgblɔ Dɔwɔƒe bia be woaɖe mɔ yewoazãe atsɔ awɔ yewo degbe me nyagɔmeɖegbalẽ gbãtɔ.

Tso January 1, 1989, dzi la, wotaa Gbetakpɔxɔ magazine ɣleti sia ɣleti ɖe Tuvalugbe me. Ne gbegbɔgblɔ bubu si nègase kpe ɖe mia degbe ŋu mee nèle magazine sia xlẽm le la, nukatae màkpɔ eƒe axa 2 lia akpɔ ɖa be mia degbe me tɔ le gbegbɔgblɔ siwo me wotaa Gbetakpɔxɔ ɖo me hã o? Ðikeke mele eme o be exexlẽ le mia degbe me agana dzi nadzɔ wò geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe