Alesi Wonɔa Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nui
DIDI be woalɔ̃ míaƒe nya kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi be woawɔ nu ɖe alesi wo hatiwo bua tamee hewɔa nui nu. Sɔhɛwo koŋ hiãna dzideƒo be woate ŋu agbe nuwɔna gbegblẽwo, abe atikevɔ̃ɖizazã kple agbegbegblẽnɔnɔ ene. Aleke woawɔ anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu?
Nyɔnuvi ƒewuivi eve siwo le Poland ŋlɔ nyitsɔ laa be: “Xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena kɔte le mía hatiwo dometɔ geɖe dome. Wofiaa dɔ kpɔna le dodokpɔ me, wogblɔa nya ƒaƒãwo, eye awu siwo le tsia dzi dodo kple ha gbegblẽwo ƒoƒo sesĩe dzɔa dzi na wo. Aleke dzi dzɔa míi be nyati siwo fiaa nu mí sɔhɛwo hekpɔa mía ta tso ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo kple ƒewuivi dzeaglãwo si me la le mía si enye si!
“Míate ŋu aɖe alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ me nyati siwo naa kakaɖedzi mí be wohiã na mí sɔhɛwo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu la agblɔ o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔ la kpe ɖe mía ŋu be míaɖe míaƒe afɔwo nyuie ale be míate ŋu ayi edzi anɔ Yehowa Mawu ŋu dzem. Míeka ɖe edzi be Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ye nye agbemɔ nyuitɔ kekeake.”
Ẽ, sɔhɛwo ate ŋu anɔ te ɖe wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu. Ne sɔhɛ Kristotɔwo na hehe woƒe “sidzedze ŋutetewo” la, wonyaa alesi woawɔ nyametsotso nyui siwo meɖea “xexeme ƒe gbɔgbɔ” fiana o, ke boŋ woaɖe ‘gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la’ afia.—Hebritɔwo 5:14; Korintotɔwo I, 2:12.