INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 1/15 axa 32
  • Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Naa Wokafua Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Naa Wokafua Mawu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 1/15 axa 32

Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Naa Wokafua Mawu

KRISTOTƆ vavãwo toa woƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ me naa wokafua Mawu. (Petro I, 2:12) Woate ŋu akpɔ esia le nusi dzɔ le Italy le ƒe siawo me la me.

Le September 1997 me la, anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ le Marche kple Umbria nutowo ƒe teƒe vovovowo, eye nu gblẽ le aƒe 90,000 kloe ŋu. Enumake Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒowo yi ɖakpe ɖe haxɔsetɔwo kple ame bubuwo ŋu. Wotsɔ kekexɔwo, numlɔdziwo, gamlewo, elektrikŋusẽnamɔ̃wo, kple nuhiahiã bubuwo ɖana wo. Kpekpeɖeŋunana sia meɣla ɖe amewo o.

Woka nya ta le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Centro me be: “Yehowa Ðasefo siwo le Roseto [le Teramo nuto me] ye nye ame gbãtɔ siwo tsɔ kpekpeɖeŋununanawo va ɖo teƒe siwo nu gblẽ le. . . . Le kpekpe edziedzi hena gbedodoɖa megbe la, amesiwo wɔa nuteƒe na Yehowa wɔa dɔ ŋutɔŋutɔwo tsɔ naa kpekpeɖeŋu amesiwo le fu kpem, eɖanye subɔsubɔha ka mee wole o.”

Nocera Umbra, si nye du siwo ŋu nu gblẽ le wu la dometɔ ɖeka dzikpɔla ŋlɔ ɖo ɖe Ðasefoawo be: “Metso nye dzi blibo me le akpe dam na mi ɖe kpekpeɖeŋu si miena Noceratɔwo ta. Meka ɖe edzi be alesi dua me tɔwo katã se le wo ɖokui me dze le nye akpedanya sia me.” Gakpe ɖe eŋu la, Dukɔmenyawo Gbɔkpɔƒe na dɔ nyui wɔwɔ ŋuti ɖaseɖigbalẽ kple kafukafununana Congregazione Cristiana dei Testimoni di Geova (Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hame) “be wòanye dɔ si wowɔ kpakple moveviɖoɖo si wotsɔ kpɔ hiahiã si do mo ɖa le Umbria kple Marche nutowo me gbɔe la ŋuti ɖaseɖiɖi.”

Le October 2000 la, tsi ɖɔ gblẽ nu le Piedmont-nuto me le dziehe Italy. Esia me hã, Ðasefowo wɔ kaba yi ɖawɔ kpekpeɖeŋunadɔwo. Dɔ nyui wɔwɔ sia hã meɣla ɖe amewo o. Piedmont-nuto la na kafukafununana wo ɖe woƒe “ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe dɔ xɔasi si wowɔ tsɔ kpe ɖe Piedmonttɔ siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ŋui” la ta.

Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Yehowa Ðasefowo toa ‘dɔ nyui’ siwo kpena ɖe wo haviwo ŋu le gbɔgbɔ me kple le mɔ bubuwo nu wɔwɔ me kɔa Mawu ŋu dzidzɔtɔe, ke menye woa ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe wodina o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe