INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 2/15 axa 32
  • Nukae Wòbia be Dzitsinya Dzadzɛ Nanɔ Ame Si?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Wòbia be Dzitsinya Dzadzɛ Nanɔ Ame Si?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 2/15 axa 32

Nukae Wòbia be Dzitsinya Dzadzɛ Nanɔ Ame Si?

“WOZI Dziɖuɖu Dzi be Wòaxɔ R$20,000.” Tanya wɔmoyaa siae dze le Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Correio do Povo me nyitsɔ laa. Nyatia ƒo nu tso Luiz Alvo de Araújo, si nye afima posudɔwɔla, amesi dzra anyigba na dukɔ ma ƒe dziɖuɖu ŋu. Esi wokpɔ anyigbaa ŋuti gbalẽwo gbɔ vɔ megbe la, ewɔ mo yaa na Luiz be woxe R$20,000 (si anɔ United States dɔlar 8,000) na ye wu ga si dzi woƒo asi ɖo!

Ga si dze edzi la tɔtrɔ yi menɔ bɔbɔe kura o. Esi Luiz yi dziɖuɖudɔwɔƒewo zi gbɔ zi geɖe wòglo la, woɖo aɖaŋu nɛ be wòayi aɖatsɔ senyala ne wòatsɔ akpɔ kuxia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃la si tso nya me be ele be dziɖuɖua naxɔ ga la eye wòaxe gaa tɔtrɔ vɛ ŋuti nugblẽfewo la gblɔ be: “Edze ƒã be ame aɖee wɔ vodada, eye ɖoɖo kpaɖi si li wɔe be ame aɖeke menya alesi wòawɔ fe si woxe xoxo ŋu ɖɔɖɔɖowo atsɔ akpɔ nyaa gbɔe o. Esiae nye senya sia tɔgbe ƒe gbãtɔ si mekpɔ kpɔ le agbe me.”

Luiz, si nye Yehowa Ðasefo, ɖe eme be: “Nye dzitsinya si wotsɔ Biblia hee maɖe mɔ nam be maɖo asi nusi menye tɔnye o dzi o. Ele nam be madze agbagba ɖesiaɖe atrɔ ga la yii.”

Ame geɖe abu nuwɔna sia numadzɔkpɔ alo nusi gɔmesese sesẽ gɔ̃ hã. Gake Mawu ƒe Nya la ɖee fia be nyateƒe Kristotɔwo nye amesiwo dea asixɔxɔ gã aɖe dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ ŋu le woƒe nuwɔwɔ kple dziɖuɖuwo me. (Romatɔwo 13:5) Yehowa Ðasefowo ɖonɛ kplikpaa be yewoalé ‘dzitsinya dzadzɛ me ɖe asi eye woanɔ agbe nyui le nusianu me.’—Hebritɔwo 13:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe