INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 6/15 axa 31
  • Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Xeviwo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Xeviwo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 6/15 axa 31

Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Xeviwo Gbɔ

‘MIKPƆ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Ðe miexɔ asi wu wo oa?’ (Mateo 6:26) Yesu Kristo gblɔ nya siawo le mawunya xɔŋkɔ aɖe si wògblɔ la me le to aɖe xa le Galilea-ƒuta. Menye eƒe nusrɔ̃lawo koe see o. Ameha gã aɖe siwo ate ŋu ava zu nusrɔ̃lawo siwo tso dua ƒe akpa vovovowo nɔ eteƒe. Wo dometɔ geɖe nye ame dahe siwo kplɔ dɔnɔwo ɖe asi vɛ be Yesu nada dɔ na wo.—Mateo 4:23–5:2; Luka 6:17-20.

Le dɔdada na dɔnɔawo katã megbe la, Yesu trɔ susu ɖe gbɔgbɔmenuhiahiã vevitɔwo ŋu. Nusiwo wòfia wo la dometɔ ɖekae nye esi míeyɔ ɖe etame.

Dziƒoxeviwo li tso gbaɖegbe ke. Wo dometɔ aɖewo mia nudzodzoewo eye bubuwo ƒe nuɖuɖue nye atikutsetse kple nukuwo. Ne Mawu na nuɖuɖu gbogbo siawo xeviwo la, ekema ate ŋu akpe ɖe esubɔla amegbetɔwo ŋu be woakpɔ woƒe gbesiagbenuɖuɖu. Awɔ esia to kpekpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dɔ awɔ ne woakpɔ ga atsɔ aƒle nuɖuɖui me. Alo ayra ɖe agble si woa ŋutɔwo ade dzi. Le xaxaɣiwo ya la, Mawu ate ŋu aʋa aƒelika kple xɔlɔ̃ dɔmenyolawo ƒe dzi be woama nuɖuɖu ɖesiaɖe si le wo si la kple ame dahewo.

Nu geɖewo gali míate ŋu asrɔ̃ to ŋkuléle ɖe xeviwo ŋu nyuie me. Mawu wɔ xeviwo hede lãmenusenu wɔnukuwo wo me be woawɔ atɔ siwo me woaƒo wo viwo ahanyi wo le. Kpɔ atɔ ƒomevi eve ɖa. Atɔ si le miame enye esi rock martin, si nye xe aɖe si le Afrika la wɔ. Ewɔa atɔ ɖe agakpe dzi alo ɖe gli ŋu. Agakpea ƒe akpa aɖee xea atɔa ta loo alo aƒe aɖe ƒe xɔta tsyɔa edzi abe alesi wòdze le foto sia mee ene. Nusi wotsɔna wɔa atɔa gɔmee nye bakɔ wuwlui siwo woƒo ƒu ɖekae wòle kplu ƒe nɔnɔme me. Atsu kple asia siaae dzea agbagba fɔa bakɔ wuwluiwo eye wote ŋu zãa ɣleti ɖeka kple edzivɔ tsɔ wɔa atɔae. Emegbe woɖoa gbe kple xefuwo ɖe eme. Woa kple evea siaa kpɔa gome le ɖeviawo nyinyi me. Atɔ si le anyime lɔƒo la nye esi ʋlẽtsu wɔ. Afrika xevi dovevienu sia zãa gbewo alo numiemie bubuwo ƒe aŋgbawo tsɔ wɔa eƒe atɔe. Ate ŋu awɔ atɔ ɖeka gbeɖeka eye wòate ŋu awɔ atɔ wu 30 le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe me!

Nukae míesrɔ̃ tso eme? Ne Mawu naa aɖaŋu kple dɔwɔnu gbogbo siwo xeviwo atsɔ awɔ atɔe la wo la, ekema ate ŋu akpe ɖe esubɔla amegbetɔwo ŋu godoo be woakpɔ aƒe si hiã wo la me anɔ. Gake, Yesu ɖee fia be nu bubu aɖe hã hiã vevie ne míedi be Yehowa Mawu nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo. Yesu do ŋugbe be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Àbia be, ‘Nukae wòfia be woadi Mawufiaɖuƒea gbãgbiagbã?’ Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo, amesiwo maa magazine sia, be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe