INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 10/1 axa 32
  • Ðe Nèle ‘Afɔkpo Dam Nutɔnua’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle ‘Afɔkpo Dam Nutɔnua’?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 10/1 axa 32

Ðe Nèle ‘Afɔkpo Dam Nutɔnua’?

LE BIBLIA ƒe ɣeyiɣiwo me la, wozãa nutɔnu—si nye ati didi aɖe si nu wode ga tsyɔ̃ee—tsɔ ƒoa du ɖe lã siwo tea agba nu hefiaa mɔ wo. Ne lãa dze aglã hegbe nyaƒoɖeamenua heda afɔkpo nutɔnua la, nukae dzɔna? Ðeko wònaa wòsea veve boŋ ɖe gbɔdzɔe kpɔkpɔ teƒe.

Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la ƒo nu tso nutɔnu ŋu esi wòɖe eɖokui fia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul, amesi yina be yeava lé Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo. Keklẽ sesẽ aɖe klẽ ƒo xlã Saul eye wòse Yesu gblɔ be: “Saul, Saul! Nuka wɔ nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nàda afɔkpo nutɔnu.” Le nyateƒe me la, Saul nɔ tsitre tsim ɖe Mawu ŋu esi wònɔ Kristotɔwo yome tim, si nye nusi agblẽ nu le eɖokui ŋu yakatsyɔ la wɔwɔ.—Dɔwɔwɔwo 26:14.

Ðe wòanye be míawo hã míele ‘afɔkpo dam nutɔnu’ le manyamanya mea? Biblia tsɔ “nunyalawo ƒe nyawo” sɔ kple nutɔnu si ƒonɛ ɖe mía nu be míato mɔ nyuitɔ dzi. (Nyagblɔla 12: 11) Nuxlɔ̃amenya siwo tso gbɔgbɔ me siwo le Mawu ƒe Nya me la ate ŋu aʋã mí ahakplɔ mí nyuie—ne míeɖe mɔ le eŋu ko. (Timoteo II, 3: 16) Ðeko eƒe nyaƒoɖeamenuwo gbegbe agblẽ nu le mía ŋu dzodzro.

Saul wɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi, trɔ eƒe agbenɔnɔ, eye wòva zu Kristotɔ apostolo Paulo lɔlɔ̃a. Toɖoɖo Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ahe yayra mavɔ vɛ na mí nenema ke.—Lododowo 3:1-6.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

L. Chapons/Illustrirte Familien-Bibel nach der deutschen Uebersetzung Dr. Martin Luthers

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe