INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 11/1 axa 32
  • “Mekpɔ Xɔlɔ̃dzedze, Lɔlɔ̃, Kple Ðetsɔleme”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mekpɔ Xɔlɔ̃dzedze, Lɔlɔ̃, Kple Ðetsɔleme”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 11/1 axa 32

“Mekpɔ Xɔlɔ̃dzedze, Lɔlɔ̃, Kple Ðetsɔleme”

“ESIA me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Abe alesi Yesu gblɔe ene la, lɔlɔ̃e nye Kristotɔ gbãtɔawo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe dzesi. Esi Tertullian nɔ nu ŋlɔm ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo le Kristo ƒe ku megbe la, eyɔ nuteƒekpɔlawo ƒe nyawo gblɔ be: ‘Kpɔ alesi wolɔ̃ wo nɔewo helɔ̃ faa be woaku ɖe wo nɔewo ta gɔ̃ hãe ɖa.’

Ðe woagate ŋu akpɔ lɔlɔ̃ ma tɔgbe le xexeamea? Ẽ. Le kpɔɖeŋu me, se lɛta aɖe si Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Brazil xɔ la me nyawo ɖa. Lɛtaa ŋlɔla, si nye nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marília, ŋlɔ bena:

“Esi menɔ Villa Mercedes, Argentina, la, danye si nye Yehowa Ðasefo, lé ŋuɖuidɔ, si na wòtu tso eƒe alime vaseɖe afɔ gbɔ. Le eƒe dɔlélea ƒe ɣleti enyi gbãtɔawo me la, Ðasefo siwo le Vila Mercedes woe kpɔ edzi lɔlɔ̃tɔe le dzigbɔɖi me. Wokpɔ nusianu gbɔ, wokplɔa eƒe aƒea me eye woɖaa nu nɛ. Esi Dada nɔ kɔdzi gɔ̃ hã la, ekpɔa ame wònɔa egbɔ zã kple keli.

“Mía kple Dada míetrɔ gbɔ va Brazil, afisi dɔlélea le kakam ɖe eme nɛ le. Ðasefo siwo le nuto si me míele fifia la le nusianu si woate ŋui wɔm be Dada ƒe lãme nahaya.”

Marília ƒo eƒe lɛta ta be: “Medi be mana mianya be menye Ðasefoe nye ŋutɔ menye o, gake mekpɔ xɔlɔ̃dzedze, lɔlɔ̃, kple ɖetsɔleme le Ðasefowo dome.”

Ẽ, amewo gakpɔtɔ li siwo ɖea Kristotɔ vavãwo ƒe lɔlɔ̃ fiana. Wotoa ema wɔwɔ me ɖea ŋusẽ si Yesu ƒe nufiafiawo ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi fiana.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe