INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 3/1 axa 32
  • Ðe Xɔse Ate Ŋu Ana Dɔnɔ Nahayaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Xɔse Ate Ŋu Ana Dɔnɔ Nahayaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 3/1 axa 32

Ðe Xɔse Ate Ŋu Ana Dɔnɔ Nahayaa?

LE MÍEDZE dɔ la, míedina be woada dɔ na mí ne míahaya. Ðewohĩ èxlẽe le Biblia me be Yesu Kristo da dɔ vovovowo na dɔnɔwo zi geɖe, si wɔe be wohaya. Aleke wowɔ da dɔ mawo? Biblia gblɔ be: ‘Mawu ƒe ŋusẽe’ na wòte ŋu da wo. (Luka 9:42, 43; Dɔwɔwɔwo 19:11, 12) Le esia ta gbɔgbɔ kɔkɔe si tso Mawu gbɔe da dɔawo, ke menye dɔnɔawo ŋutɔ ƒe xɔse dzroe o. (Dɔwɔwɔwo 28:7-9) Susu ma tae Yesu mebia tso ameawo si be woaʋu eme be woxɔ ye dzi se hafi woahaya o.

Ðewohĩ àbia be: ‘Ðe wòfia be nukugbedadawo nu yia, alo ɖe alesi Yesu da gbe na amewo agadzɔ akea? Mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo le dɔ vɔ̃ɖi aɖe alo dɔ si womate ŋu ada o lém?’

Biblia ɖe eme be le Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me la, Mawu ƒe ŋusẽa agana woagada gbe le amewo ŋu nukutɔe abe alesi Yesu wɔe esi wònɔ anyigba dzi ene. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be woafia wò mɔnu si Mawu azã kple ɣeyiɣi si wòawɔ nusi xɔsegbedela aɖeke mate ŋu awɔ gbeɖe o—si nye dɔléle kple ku siaa ɖeɖeɖa keŋkeŋ. Ẽ, Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee.”—Yesaya 25:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe