INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 4/15 axa 3
  • Ðe Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔma?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Agbe Wòawɔ Ðeka Kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa La—Akpa I
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • “Aƒetɔ, Fia Gbedodoɖa Mí”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Yesua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 4/15 axa 3

Ðe Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔma?

“Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:10.

DZIDZI ƒo Julio kple Christiana esime wokpɔ wo vi ene si dzo fia woku la teƒe. Ʋukula ahanomunɔtɔ aɖe tsɔ eƒe ʋu va lɔ wo tɔ si wotɔ ɖi la, eye wòlé dzo. Togbɔ be wodze agbagba ɖe wo vi atɔ̃lia, Marcos, le dzoa me hã la, dzoa fiae hena eƒe ŋutigbalẽ gblẽ. Ƒe asieke ye wòxɔ ɣemaɣi. Fofoa ƒe dzi gbã. Egblɔ nya siawo tsɔ fa akɔ na eɖokui kple eƒe ƒomea be: “Mawu ƒe lɔlɔ̃nue, ele be míase egɔme nenema, eɖanye nyui loo alo vɔ̃ o.”

Ne afɔku siawo tɔgbe dzɔ la, ame geɖe wɔa nu nenema ke. Wosusuna be: ‘Ne Mawu nye ŋusẽkatãtɔ eye wòtsɔa ɖe le eme na mí la, ke le mɔ aɖe nu la, míaƒe nyonyo tae nua dzɔ ɖo, togbɔ be egɔmesese asesẽ na mí hã.’ Èlɔ̃ ɖe edzia?

Zi geɖe la, Yesu ƒe nya siwo le nusi woyɔna be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa me si míeyɔ do ŋgɔ tae amewo gblɔna be nusianu si dzɔ, eɖanye nyui alo vɔ̃ o, nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖo. Wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo, alo mele eme oa? Ne míele gbe dom ɖa be ‘Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi’ la, ekema menye ɖe míele lɔlɔ̃m ɖe edzi be nusiwo dzɔna le anyigba dzi la nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu oa?

Ame geɖe meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Esia nana wobua Mawu be metsɔa ɖeke le amegbetɔ siwo nye eƒe nuwɔwɔwo la ƒe seselelãmewo me o. Wobiana be: ‘Nukata lɔlɔ̃ ƒe Mawu adi be nu dziŋɔwo nadzɔ ɖe ame maɖifɔwo dzi? Ne nusɔsrɔ̃ aɖe le eme na mí la, ke nukae wòate ŋu anye?’ Ðewohĩ nenemae nèsena le ɖokuiwò me.

Yesu dadavi, nusrɔ̃la Yakobo, ŋlɔ tso nya sia ŋu be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Menye Mawue nana nu vɔ̃ɖiwo dzɔna o. Eyata eme kɔ ƒã be menye nusianu si dzɔna le anyigba dzi egbea la katãe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe lɔlɔ̃nu, dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu, kple Abosam ƒe lɔlɔ̃nu kura gɔ̃ hã, ŋu. (Yohanes 1:13; Timoteo II, 2:26; Petro I, 4:3) Èlɔ̃ ɖe edzi be manye Fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nue nusi dzɔ ɖe Julio kple Christiana ƒe ƒomea dzi la nye oa?

Ekema nuka tututue Yesu wɔnɛ esime wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu”? Ðe Yesu nɔ biabiam be Mawu nade nu nya aɖewo ko me loo, alo ɖe wònɔ mía fiam be míado gbe ɖa abia nane si le vevie wu henyo wu, si nye tɔtrɔ aɖe si amewo katã ate ŋu akpɔ mɔ na? Mina míadzro nu geɖe wu me le nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me akpɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ʋu: Dominique Faget-STF/AFP/Getty Images; ɖevi: FAO photo/B. Imevbore

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe