INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 4/15 axa 32
  • Biblia Kpe Ðe Eŋu Wòɖu Tetekpɔ Aɖe Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Kpe Ðe Eŋu Wòɖu Tetekpɔ Aɖe Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 4/15 axa 32

Biblia Kpe Ðe Eŋu Wòɖu Tetekpɔ Aɖe Dzi

Tetekpɔwo bɔ ŋutɔ le xexeame egbea. Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu mele bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye nu sesẽ be woawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!”—Korintotɔwo I, 6:18.

Yehowa Ðasefo aɖe, si míayɔ be Sebastian, wɔa dɔ na Scandinaviatɔwo ƒe adzɔha aɖe le Poland. Ehiã be wòaʋli sesĩe be wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.

Sebastian ƒe dɔwɔhatiwo nyae be Yehowa Ðasefoe wònye. Eƒe dɔdzikpɔlawo, siwo kpɔ eƒe dɔsesẽwɔwɔ kple nɔnɔme nyuiwo dze sii la, doe ɖe ŋgɔ. Gake eva dze ƒã mlɔeba be mɔnukpɔkpɔ sia ana wòakpɔ gome le dɔmekpekpe siwo me modzakaɖeɖe masɔmasɔwo yia edzi le me.

Eteƒe medidi o, Sebastian va tɔtɔ le eɖokui me. “Nye dɔtɔ nya be Yehowa Ðasefoe menye. Esiatae wòɖoa ŋu ɖe ŋunye hekana ɖe dzinye ɖo. Ne megbe gomekpɔkpɔ le eme la, nye dɔ agblẽ, evɔ dɔ sia kpɔkpɔ sesẽ ŋutɔ. Ke ne meyina modzakaɖeƒea dzro ko eye nyemekpɔa gome le eme o ɖe?”

Emegbe Sebastian va nya nusi eƒe dɔa bia tso esi la nyuie wu. Ele be “wòalé be na” dɔwɔƒea ƒe asisi siwo nye amedzrowo tso duta to “nyɔnuvi” siwo woanɔ agbegbegblẽ kplii le fiẽ me la didi na wo me. Nukae wòawɔ?

Sebastian ɖoe be yeaɖo ŋku Biblia ƒe nukpɔsusu si le ye si le agbegbegblẽnɔnɔ ŋu dzi na yeƒe dɔtɔa. Eteƒe medidi o, eva dze nɛ kɔte be yemate ŋu ayi edzi awɔ dɔ le afima o eyata ele be yeaɖe asi le dɔa ŋu godoo. Ekpɔ dɔ bubu si ƒe fetu mede gbãtɔa nu o gake tetekpɔ mawo tɔgbe megale eya me nɛ o. Fifia dzitsinya dzadzɛ le esi.

Nukae nàwɔ ne ame aɖe ƒoe ɖe nuwò be nàkpɔ gome le agbegbegblẽnɔnɔ me alo be nàde nuwɔna sia dzi? Ðe nàlɔ̃ faa awɔ tɔtrɔ gã siwo hiã? Emae Yosef si nɔ anyi le blema wɔ, abe alesi wòdze le Mose I, 39:7-12 ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe