INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 6/15 axa 3
  • Kuxi Siwo Le Vihehe me Egbea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kuxi Siwo Le Vihehe me Egbea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Nu Vevi Siwo Hiã na Hehe Nyui Xɔxɔ
    Nyɔ!—1996
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 6/15 axa 3

Kuxi Siwo Le Vihehe me Egbea

LE FIẼ aɖe me la, nuɖuɖudzraƒe tɔ aɖe le dzadzram ɖo be yeakpã ayi aƒeme. Kasia nyɔnu eve kple ɖevi aɖe ge ɖe nuɖuɖudzraƒea be yewoaƒle nuɖuɖu aɖe. Esi wònye be ɖeɖi te nuɖuɖudzraƒe tɔa ŋu ta la, egblɔ kloe be yekpã, ke hã, edzra nuɖuɖu si dim wole la na wo. Esime nyɔnu eveawo le nua ɖum hele dze ɖom la, ɖevia ya le du sim to teƒea katã hele akpɔnɔ kakam ɖe anyigba hele afɔ titim ɖe wo dzi. Le esi teƒe be ɖevia dada nagbe nya nɛ la, ɖeko wòle nu kom. Esi asisiawo ɖu nua vɔ dzo mlɔeba la, ele na nuɖuɖudzraƒe tɔa, si ŋu ɖeɖi te la be wòagadzra teƒea ɖo.

Abe alesi ɖewohĩ nènyae ene la, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia fia be womele ɖeviwo hem nyuie le ƒome geɖe me o. Nu vovovowo gbɔe wòtso. Dzila aɖewo wɔa vi na wo viwo ɖea asi le wo ŋu wowɔa nusi wodi, hebuna be ele be ɖeviwo nanɔ ablɔɖe me le wo heɣi. Alo le esi dzilawo mekpɔa vovo o ta la, womete ŋu xɔa ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu léa ŋku ɖe wo ŋu henaa hehe si wohiã la wo o. Dzila aɖewo sena le wo ɖokui me be yewo via ƒe sukudedee nye nu vevitɔ kekeake, eyata woɖea asi le ɖevia ŋu wòwɔa nusianu si wòlɔ̃ ne ɖevia nya dzea agbagba le suku nyuie si ana woaxɔe ɖe kɔledzi xɔŋkɔ aɖe me wòade suku ko.

Ke hã, ame aɖewo le gbɔgblɔm be ele be woawɔ tɔtrɔ le gɔmeɖose kple dzidzenu siwo nu dzilawo kple ame akpa gãtɔ nɔa agbe ɖo la ŋu. Wohea nya be ɖeviwo va le wo ɖokui ƒom ɖe nuvlowɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe me, eye ŋutasẽnuwɔwɔ le suku va le agbogbo dom ɖe edzi gbesiagbe. Esia tae titinasuku aɖe ƒe tatɔ si le Seoul, Republic of Korea, te gbe ɖe edzi be ɖeviwo hehe woatu nɔnɔme nyuiwo ɖoe wòle be wòanye nu vevitɔ kekeake. Egblɔ be: “Nɔnɔme nyuiwoe wòle be woatu ɖo gbã hafi sidzedze nakplɔe ɖo.”

Dzila geɖe siwo di be yewo vi nade kɔledzi eye agbe nadze edzi nɛ la doa toku nuxlɔ̃amenyawo. Ne dzilae nènye la ameka ƒomevie nèdi be ye vi nava nye? Ame tsitsi ɖota si ƒe agbe nyoa? Amesi bua ame bubuwo ŋu, trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu, henye amesi si mɔkpɔkpɔ lea? Nenye nenemae la ke taflatse dzro nyati si kplɔ esia ɖo la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe