INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 8/15 axa 32
  • “Eyae Nye Dɔ Nyuitɔ Kekeake si Nàte Ŋu Awɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Eyae Nye Dɔ Nyuitɔ Kekeake si Nàte Ŋu Awɔ”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 8/15 axa 32

“Eyae Nye Dɔ Nyuitɔ Kekeake si Nàte Ŋu Awɔ”

ALEXIS nye ƒe atɔ̃ vi aɖe si dzilawo srɔ̃a Biblia kple Yehowa Ðasefowo hedea woƒe kpekpewo le Morelia-dugã si le Mexico la me. Esi woa kple eƒe ƒomea woyi nutome sue takpekpe aɖe la, ekpɔ wɔwɔfia aɖe si ku ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme ŋu. Etrɔ ɖe fofoa ŋu enumake biae be, “Papa, Papa, nukatae mèyina vae ɖea gbeƒã o?” Fofoa ɖo eŋu nɛ be, “Mele nu srɔ̃m be mate ŋu awɔe nenema.” Dzi dzɔ Alexis wògblɔ be, “Papa, eyae nye dɔ nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ.”

Ðevi sue sia kpɔ alesi wòle vevie be wòawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Yehowa ŋuti sidzedze si su esi. Esi wònye woa kple nɔɖia ƒe viwoe le aƒeme ta la, edo gbe ɖa na Yehowa gbã, eye emegbe wògblɔ nusi edzilawo kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ tso Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me na wo. Togbɔ be Alexis menya nuxexlẽ ɣemaɣi o hã la, enya agbalẽa me nyawo nyuie to nɔnɔmetata siwo wotsɔ dzro ŋutinyawo mee la dzi. Alexis gblɔ kura gɔ̃ hã be yedi be yeasrã amewo kpɔ le woƒe aƒewo me agblɔ nusiwo yenɔ sɔsrɔ̃m tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu na wo.

Le nyateƒe me la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu ana woƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple nusiwo Yehowa, “Kɔkɔetɔ la” di tso wo si eye mɔnukpɔkpɔ si nyo wu ɖesiaɖe si nye ɖaseɖiɖi tso eyama ŋu le dukɔwo katã me la nasu wo si. (Yesaya 43:3; Mateo 21:16) Ðikekemanɔmee la, emae nye dɔ nyuitɔ kekeake si ame ate ŋu awɔ la dometɔ ɖeka.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe