‘Midi Amesi Dze La’
DAMASKO nye du kpɔdzidzedze aɖe le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me. Esi wònye be atikutsetsebɔwo ƒo xlã dua ta la, enye gbɔɖemeƒe na asitsaha siwo tso du siwo le eƒe ɣedzeƒekpa dzi. Le Yesu Kristo ƒe ku megbe kpuie la, woɖo Kristo-hame aɖe ɖe Damasko. Hamea me tɔ aɖewo nye Yudatɔ siwo ɖewohĩ wova zu Yesu yomedzelawo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekenyuia dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 2:5, 41) Ðewohĩ nusrɔ̃la siwo tso Yudea la dometɔ aɖewo ʋu yi Damasko esime yometiti do mo ɖa le Stefano wuwu megbe.—Dɔwɔwɔwo 8:1.
Anye le ƒe 34 M.Ŋ. me la, Kristotɔ aɖe si tso Damasko si woyɔna be Anania xɔ dɔdasi tɔxɛ aɖe. Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Tsi tre, eye nayi ablɔ, si woyɔna be dzɔdzɔe la me, eye nabia ame aɖe, si ŋkɔ nye Saul tso Tarso la ta se le Yuda-ƒeme; elabena kpɔ ɖa, ele gbe dom ɖa.”—Dɔwɔwɔwo 9:11.
Ablɔ si woyɔna be dzɔdzɔe la ƒe didime anɔ abe kilometa ɖeka kple afã ene eye wòto Damasko-dua titina. Ƒe alafa 19 lia me nutata sia si le axa sia ana míakpɔ alesi ablɔ la nɔ le blema le susu me. Le alesi ablɔ la ƒe nɔnɔme nɔ ta la, ɖewohĩ Anania anya di Yuda ƒeme sẽ hafi ke ɖe eŋu. Ke hã, Anania ke ɖe aƒea ŋuti, eye eƒe Saul sasrãkpɔ wɔe be wòva zu apostolo Paul, nyanyuigbeƒãɖela veviedonula aɖe.—Dɔwɔwɔwo 9:12-19.
Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa eye wògblɔ na wo be ‘woadi amesiwo dze’ ase nyanyui la. (Mateo 10:11) Edze ƒã be Anania di Saul ŋutɔŋutɔ. Eyata abe Anania ene la, Yehowa Ðasefowo dia amesiwo dze la dzidzɔtɔe eye dzi dzɔa wo ne amewo xɔ Fiaɖuƒenyanyuia. Woƒe agbagbadzedzewo ɖea vi ne woke ɖe amesiwo dze la ŋu.—Korintotɔwo I, 15:58.
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Alesi “ablɔ, si woyɔna be dzɔdzɔe la” le egbea
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
From the book La Tierra Santa, Volume II, 1830