INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 10/15 axa 32
  • Àte Ŋu Akpɔ Nusiwo Nèxlẽna le Susu Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Akpɔ Nusiwo Nèxlẽna le Susu Mea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 10/15 axa 32

Àte Ŋu Akpɔ Nusiwo Nèxlẽna le Susu Mea?

NE ÈNYA teƒe siwo ŋuti nya xlẽm nèle la, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nudzɔdzɔawo le susu me. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ siwo ŋu nya Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ƒo nu tsoe la ŋu kpɔ. Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, ezɔ mɔ tso Antioxia, afisi woyɔ Yesu yomedzelawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo. Afimae wòtso yi teƒe siwo nye Salami, Antioxia si le Pisidia, Ikonio, Listra, kple Derbe. Àte ŋu akpɔ afisiwo teƒe siawo nye le susu mea?

Ðewohĩ màte ŋui o negbe ɖe anyigbatata aɖe le asiwò hafi. Teƒe siawo ƒe tatawo le ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ƒe axa-36 gbalẽ gbadzaa me. Nuxlẽla aɖe si tso Montana, U.S.A., gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Mate ŋu akpɔ Paulo ƒe mɔzɔzɔawo ahakpɔ mɔzɔmɔnu siwo wòzã kple dɔ siwo woa kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ le nyanyuia kaka me. Akpe na mi kakaka ɖe anyigbatata dzeani siawo siwo kpena ɖe ame ŋu la ta.”

Afisiwo Paulo zɔ mɔ yi ŋuti tatawo nye anyigbatata geɖe siwo le agbalẽ gbadza sia me siwo akpe ɖe nuxlẽlaa ŋu wòakpɔ nusiwo wogblɔ le Biblia me la dometɔ ɖeka ko. Àte ŋu adɔ agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 2 lia.

□ Medi be miaɖo ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ƒe agbalẽ gbadza ɖeka ɖem. Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe