INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 3/15 axa 32
  • Nudzɔdzɔ aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nudzɔdzɔ aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 3/15 axa 32

Nudzɔdzɔ aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

NUDZƆDZƆ kae wònye? Ŋutsu aɖe si ku ƒe 2,000 kloe enye si va yi la ƒe kue. Ŋutsu la gblɔ be: “Nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe. Ame aɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si.” (Yohanes 10:17, 18) Ŋutsu mae nye Yesu Kristo.

Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖu yeƒe vɔsakua ƒe Ŋkuɖodzia. Woyɔa wɔna sia be ‘Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖu’ alo “Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu la.” (Korintotɔwo I, 11:20; NW) Yehowa Ðasefowo kple wo xɔlɔ̃wo aɖu Ŋkuɖodzizã si Yesu ɖo anyi be woatsɔ aɖo ŋku yeƒe ku dzii la le Yawoɖa, March 24, 2005, le ɣeɖoto megbe.

Woaƒo nuƒo aɖe si wotu ɖe Biblia dzi atsɔ aɖe nusi abolo maʋamaʋã kple wein dzĩ siwo wozã le wɔnaa me fia la mee. (Mateo 26:26-28) Nuƒoa aɖo nyabiabiawo abe esiwo gbɔna ene hã ŋu: Zi nenie wòle be Kristotɔwo naɖu azã sia le ƒe me? Amekawoe dze aɖu kpɔɖeŋu bolo kple wein la? Amekawoe Yesu ƒe kua aɖe vi na? Wɔna vevi sia akpe ɖe amesiame ŋu wòanya taɖodzinu si le Yesu ƒe agbe kple ku ŋu.

Woaxɔ wò dzidzɔtɔe le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã la ɖuƒe. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ne woagblɔ teƒe si tututu woakpe le kple gamea na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe