INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 7/1 axa 32
  • “Dzre Ke Azɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Dzre Ke Azɔ”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 7/1 axa 32

“Dzre Ke Azɔ”

YEHOWA ÐASEFOWO wɔ nutome gã takpekpe aɖe le Mbandaka, si nye dugã aɖe le Democratic Republic of Congo ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome me, le ƒe 2002 me. Esi woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Les Écritures grecques chrétiennes— Traduction du monde nouveau) ɖe go le Lingalagbe me le takpekpea me la, nyaselawo ti kpo ŋutɔŋutɔ dzidzɔtɔe eye aɖatsi ge le mo na wo dometɔ aɖewo. Emegbe la, amewo wɔ kaba yi nuƒolanɔƒea ŋgɔ be yewoakpɔ Biblia yeye la nyuie, eye wonɔ ɣli dom nɔ gbɔgblɔm be: “Basuki, Basambwe,” si gɔmee nye: “Dzre ke azɔ! Woɖu ŋukpe!”

Nukata dzi dzɔ nyaselawo nenema gbegbe, eye nukatae wonɔ nya mawo gblɔm ɖo? Le Mbandaka ƒe nuto aɖewo me la, Yehowa Ðasefowo mete ŋu ƒlea Lingalagbe me Biblia o. Nukatae? Elabena sɔlemehawo gbea Biblia dzadzra na Yehowa Ðasefowo. Eva hiãna be Ðasefowo nadɔ amesiwo menye Ðasefo o be woaƒlee na yewo. Fifia ya, dzi dzɔ wo ale gbegbe elabena sɔlemehawo magate ŋu axe mɔ na wo be woagaƒle Biblia azɔ o.

Menye Yehowa Ðasefowo koe Biblia gɔmeɖeɖe yeye sia aɖe vi na o, ke aɖe vi na ame hahooawo hã. Ŋutsu aɖe si gbeɖiɖimɔ̃ siwo nɔ takpekpe wɔƒea wɔe be wòte ŋu nɔ takpekpea me nuƒoawo sem le eƒeme la ŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea be: “Dzi le dzɔyem ɖe Biblia yeye si mieɖe ɖe go la ta. Ana nu geɖewo me nakɔ na mí. Menye Yehowa Ðasefoe menye ya o, gake mele tsɔtsɔm nam be Biblia sia si mieta la ƒe ɖe naka asinye o.”

New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures— Traduction du monde nouveau) bliboa katã le gbegbɔgblɔ 33 me fifia, eye Christian Greek Scriptures (Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo) ɖeɖe hã le gbegbɔgblɔ 19 bubu, si me Lingalagbe hã le, me. Ðe manyo ŋutɔ be nàbia Yehowa Ðasefo aɖe ne wòagblɔ alesi nàwɔ be Biblia sia si gɔme woɖe nyuie la ƒe ɖe naka asiwò oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe