INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 11/1 axa 32
  • Wogblɔ Nyanyuia na Tokunɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wogblɔ Nyanyuia na Tokunɔwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 11/1 axa 32

Wogblɔ Nyanyuia na Tokunɔwo

“WOHEA amewo ƒe susu ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu!” Alea ame tsitsiwo dzikpɔƒe aɖe si le Navalcarnero, Madrid, Spain, dzikpɔla ɖɔ sasrãkpɔ siwo Yehowa Ðasefowo va wɔna le ame dzikpɔƒeae nyitsɔ laa. Nukae ʋãe wògblɔ nya ma?

Amesiwo woxɔ ɖe Rosas del Camino ame tsitsiwo dzikpɔƒe la dometɔ geɖewo nye tokunɔwo. Gake esi Yehowa Ðasefoawo dze agbagba srɔ̃ Spain-tokunɔgbe ta la, wote ŋu ɖoa dze kple tokunɔ siawo. Teƒea dzikpɔla kafu Ðasefoawo ɖe alesi wozã woƒe ɣeyiɣi, ga aɖeke maxɔmaxɔe, tsɔ fia gbɔgbɔmedzidzenuwo amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le la ta. Ede dzesi alesi Fiaɖuƒeŋutinya nyuia fiafia ame tsitsi siwo woxɔ ɖe afima la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzii. Eye ame tsitsi siawo—vevietɔ wo dometɔ siwo to alo ŋku le fu ɖem na—hã kpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefoawo ƒe sasrãkpɔawo ŋu ale gbegbe.

Eulogio, si hã nye ame tsitsi siwo le amedzikpɔƒea dometɔ ɖeka, eye wònye ŋkunɔ kple tokunɔ siaa la, na Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kplii fifia. Gbeɖeka, esi wonɔ nua srɔ̃m la, ŋutsu tsitsi aɖe te ɖe Ðasefoa ŋu hetsɔ hakpanya aɖe si ame tsitsi siwo le dzikpɔƒea ŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia la nɛ. Woɖo tanya na hakpanya la be, “Be Woanye Ðasefo.” Emenya aɖewo yi ale: “Wonɔa agbe si me dzidzeme le, si ɖɔʋu, eye woƒe nunya si me dzidzɔ le la tso Yehowa gbɔ. Woyina aƒewo me edziedzi elabena woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.”

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu sia tututue na Ðasefo geɖe le tokunɔwo ƒe gbe si wodona le dukɔ siwo me wole la srɔ̃m le xexeame katã. To mɔ sia nu la, wogblɔa mɔkpɔkpɔgbedasi dedziƒoname, si le Biblia me la, na amesiawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe