INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 1/1 axa 32
  • Woyɔ Wo Ðe Nu Gbã, Emegbe Woxɔ Wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woyɔ Wo Ðe Nu Gbã, Emegbe Woxɔ Wo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 1/1 axa 32

Woyɔ Wo Ðe Nu Gbã, Emegbe Woxɔ Wo

ƑE AÐEWO va yi la, Santiago kple srɔ̃a, Lourdes, ʋu yi Peru ƒe du dzeani, Huillcapata, me bene yewoaɖaɖe gbeƒã Biblia ƒe gbedasi si naa mɔkpɔkpɔ amewo la na afimatɔwo. Gake eteƒe medidi o, nunɔla aɖe tso Cuzco va do eye wòyɔ duametɔwo katã ƒo ƒu. Nunɔla la gblɔ na wo bena Yehowa Ðasefowo ƒe dua me vava ahe fuwɔame sesẽwo ava wo dzi eye tsikpe gãwo adza awu woƒe nyihawo ahagblẽ woƒe agblemenuwo.

“Nyagblɔɖi” sia kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi, si wɔe be ɣleti ade kple edzivɔwo va yi gake duametɔ aɖeke melɔ̃ be Santiago kple Lourdes nasrɔ̃ Biblia kple yewo o. Dumegã aɖe si ŋkɔe nye Miguel, si nye dununɔla la teƒenɔla, yɔa Santiago kple Lourdes ɖe nu le ablɔ dzi hefɔa kpewo nɔ wo damee. Ke hã, woléa wo ɖokui kpoo abe alesi dze Kristotɔ ŋutifafawɔlawo ene ɣesiaɣi.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, duametɔ aɖewo va lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple yewo. Miguel gɔ̃ hã trɔ eƒe nɔnɔme. Santiago va te nusɔsrɔ̃ kplii eye wòdzudzɔ ahatsunono, heva zu ame fafa aɖe. Mlɔeba la, Miguel, srɔ̃a, kple vianyɔnuvi eve xɔ Biblia ƒe nyateƒea.

Egbea, Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe si le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ lae le du sia me. Enye dzidzɔ na Miguel be kpe siwo yeda Santiago kple Lourdes la ƒe akpa gãtɔ melɔ wo o, eye wòdaa akpe na srɔ̃tɔ siawo ɖe ŋutifafamenyenye ƒe kpɔɖeŋu nyui si woɖo la ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Ŋutifafamewo ƒe nɔnɔme si nɔ Santiago kple Lourdes (etame) si wɔe be Miguel (ɖusime) trɔ nɔnɔme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe