Ðevi ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo
ÈKPƆ ɖevi aɖe wòtsɔ fefenuwo le aʋawɔwɔ srɔ̃m, si na be nèlé blanui kpɔa? Nuwɔna sia va bɔ le ɖevi suewo kura gɔ̃ hã dome le esi ŋutasẽnuwɔwɔwo ɖeɖe fia va xɔ aƒe ɖe modzakaɖeɖewo me le xexeame godoo ta. Aleke nàwɔ akpe ɖe ɖevi ŋu wòalɔ̃ faa afe fefe nyui tuameɖowo ɖe fefenu siwo ɖi aʋawɔnuwo zazã teƒe? Waltraud, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖe si wɔ dɔ ɣeyiɣi didi aɖe le Afrika, to mɔ aɖe dzi kpe ɖe ŋutsuvi dzaa aɖe ŋu wòwɔ nenema.
Aʋawɔwɔ tae wòva hiã be Waltraud naʋu tso dukɔ si me wònɔ aɖanɔ Afrika dukɔ bubu aɖe me. Eva dze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple vidada aɖe si si ŋutsuvi ƒe atɔ̃ vi le. Ɣesiaɣi si wòyi ɖasrã vidadaa kpɔ la, ekpɔna ŋutsuvia wònɔa fefem kple tu sue aɖe, si nye fefenu ɖeka si ko nɔ esi. Waltraud mekpɔ ɖevia wòdzidze tua ɖe naneke dzi kpɔ ya o, ke hã, ɣesiaɣi la, enɔa tua ʋum ganɔa etum, abe ɖe wòle tukpe dem eme ene.
Waltraud bia ŋutsuvia be: “Werner, ènya nusita meʋu va tsi dukɔ sia me ɖoa? Aʋawɔwɔ tae—eva hiã be masi le nye dukɔ me le nuveviwɔamela siwo nɔ tu siwo le abe tɔwòa ene dam amewo ta. Èsusu be tu dada ame nenema nyoa?”
Nyaa wɔ nublanui na Werner wòɖo eŋu be: “Ao, menyo o.”
Waltraud gblɔ nɛ be: “Èto nyateƒe.” Eye wògabiae be: “Ènya nusita meva srãna mia kple dawò kpɔna kwasiɖa sia kwasiɖaa? Mí Yehowa Ðasefowo míedi be míakpe ɖe amewo ŋu be woanɔ ŋutifafa me kple Mawu kpakple wo haviwo siaa.” Le Werner dada ƒe mɔɖeɖe nu la, Waltraud gblɔ na ɖevia be: “Ne ètsɔ wò tua nam la, matsɔe aƒu gbe, eye makpɔ egbɔ be fefenu si nye agbatsɔʋu si ŋu afɔti ene le la nasu asiwò.”
Werner lɔ̃ faa tsɔ eƒe tua nɛ. Ele be wòalala kwasiɖa ene, ke hã eƒe fefenu yeyea va ɖo mlɔeba—agbatsɔʋu si wotsɔ ati wɔ, si wòxɔ kple dzidzɔ.
Ðe nègbɔa dzi ɖi ƒoa nu kple viwòwo, dzea agbagba be wò nyawo naɖo woƒe dzi gbɔ, ale be wòaʋã wo woatsɔ fefenu siwo ɖi aʋawɔnuwo aƒu gbea? Ne nenemae la, ke ànɔ nufiame si aɖe vi na wo le woƒe agbenɔɣi katã la fiam wo.