INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 7/1 axa 32
  • Sasrãkpɔ si Na Ŋutsu aɖe Trɔ Kura

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sasrãkpɔ si Na Ŋutsu aɖe Trɔ Kura
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 7/1 axa 32

Sasrãkpɔ si Na Ŋutsu aɖe Trɔ Kura

“M ELE tsɔtsɔm nam o; medi vevie be magblɔe na nye ƒometɔwo be Mawu dɔ ‘mawudɔla’ eve ɖe gbɔnye.” Nenemae aƒetɔ aɖe si ɖetugbi eve siwo nye Yehowa Ðasefowo va srã kpɔ la gblɔ. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na woƒe sasrãkpɔa la, ŋutsua srɔ̃ si xɔ ƒe 45 la ku. Etɔtɔ ŋutɔ. Via tsitsiwo fa akɔ nɛ, gake mede edeƒe o elabena womele egbɔ o. Xɔlɔ̃ alo aƒelika aɖeke meva srãe kpɔ o.

Ŋutsua gblɔ na ɖetugbiawo be: “Mía kple Mawu dome mele nyuie o.” Ke hã, wofa nɛ hetsɔ trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? nɛ. Exlẽe fiẽ ma eye wòfa akɔ nɛ.

Nyɔnu Kristotɔ eveawo trɔ yi egbɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Wogblɔ nɛ be yewokpɔe be elé blanui esi yewova srãe kpɔ, eyata yewogava be yewoakpɔ eƒe fɔfɔme ɖa. Ŋutsua gblɔ emegbe be: “Nye nu ku ŋutɔ, be ame eve siwo nyemenya kura o tsɔ ɖe le eme nam hetsi dzi ɖe nye nyonyo ŋu.” Wotsɔ Biblia me nya aɖewo de dzi ƒo nɛ. Ðetugbiawo gblɔ nɛ be yewoagatrɔ ava. Aƒetɔa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, si na wòŋlɔ lɛta si me nyawo míegblɔ va yi la heɖoe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me.

Hafi ŋutsua naʋu ayi teƒe aɖe si te ɖe viawo dometɔ ɖeka ŋu la, ede Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe, eye ɖetugbiawo dometɔ ɖeka ƒe ƒometɔwo kpee wòva ɖu nu kpli wo. Eŋlɔ ɖe lɛtaa me be: “Mele dzodzom le nutoa me, gake maɖo ŋku ɖetugbi siawo kple miaƒe sɔlemea dzi ɣesiaɣi, eye mado gbe ɖa ɖe mia ta. Fifia ya, mete ŋu doa gbe ɖa—medoa gbe ɖa zi geɖe. Metrɔ kura. Ðetugbi mawo wɔ akpa vevi aɖe le esia me, eye nyemaŋlɔ wo be akpɔ gbeɖe o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe