INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 12/1 axa 32
  • Ðe Biblia Nɔ Yesu Sia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Nɔ Yesu Sia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 12/1 axa 32

Ðe Biblia Nɔ Yesu Sia?

AO, Biblia menɔ Yesu si o. Nu ka tae? Elabena Biblia bliboa si le mía si egbea menɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me o. Gake agbalẽ xatsaxatsa gbogbo aɖewo nɔ ƒuƒoƒewo, siwo nye nuŋlɔɖi siwo va nye Biblia si le mía si egbea ƒe akpa aɖe. Yesu xlẽ Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsaa le ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret. (Luka 4:16, 17) Apostolo Paulo see “woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo [le dutoƒo]” le Antioxia, le Pisidia. (Dɔwɔwɔwo 13:14, 15) Eye nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be, “[woxlẽa Mose ƒe agbalẽa] le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.”—Dɔwɔwɔwo 15:21.

Ðe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe agbalẽ xatsaxatsawo nɔ ame ɖekaɖekawo si le ƒe alafa gbãtɔ mea? Edze ƒãa be enɔ Etiopiatɔ si nye Fia Nyɔnu Kandake ƒe aƒedzikpɔla la si, elabena ‘ebɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm’ esime nusrɔ̃la Filipo te ɖe eŋu le mɔ si ɖo ta Gaza la dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:26-30) Apostolo Paulo hã bia tso Timoteo si be wòatsɔ “agbalẽ xatsaxatsaawo, vevietɔ lãgbalẽawo, ɖe asi vae.” (Timoteo II, 4:13, NW) Togbɔ be Paulo megblɔ agbalẽ xatsaxatsa siwo wonye o hã la, anɔ eme godoo be Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewoe wonye.

Le Sem dzidzimeviwo ƒe gbegbɔgblɔwo ŋuti nunyalagã Alan Millard ƒe nya nu la, le Yudatɔwo dome la, ame siwo si ko Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ xatsaxatsawo nɔe nye “ame ŋkuta siwo nɔ Palestina, ame siwo katã gblɔna be yewonye agbalẽnyalawo, siwo dometɔ aɖewo nye Farisitɔwo kple nufialawo abe Nikodemo ene.” Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye woƒe asixɔxɔ. Aƒetɔ Millard bu akɔnta be “Yesaya ƒe agbalẽa axɔ abe denario ade va se ɖe ewo ene,” eye egblɔ be Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa katã “axɔ agbalẽ xatsaxatsa 15 va ɖo 20,” alo ɣleti ade ƒe dɔwɔfetu.

Biblia megblɔe nenye be Biblia ƒe agbalẽ xatsaxatsawo nɔ Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔwo si o. Gake ɖikeke mele eme o be, Yesu bi ɖe Ŋɔŋlɔawo nyanya me ale gbegbe be ete ŋu hea susu yia emenyawo dzi loo, alo yɔa Ŋɔŋlɔawo tso susu me gɔ̃ hã. (Mateo 4:4, 7, 10; 19:4, 5) Ðe mele be esia naʋã mí egbea be míanya Biblia me nyawo nyuie, le esi wòbɔ eye mexɔa asi fũu o ta oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe