INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 10/15 axa 16
  • “Esiae Nye Mawu Ƒe Ŋkɔ Gã Kɔkɔe La Vavã”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Esiae Nye Mawu Ƒe Ŋkɔ Gã Kɔkɔe La Vavã”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkɔ Le Mawu Si!
    Nyɔ!—2004
  • Vatican Codex La Nu Ka Tae Wònye Kesinɔnu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 10/15 axa 16

“Esiae Nye Mawu Ƒe Ŋkɔ Gã Kɔkɔe La Vavã”

Nicholas of Cusa ye gblɔ nya siawo le mawunya aɖe si wògblɔ le ƒe 1430 me la me.a Enye ame si tsɔ ɖe le nu vovovo geɖewo sɔsrɔ̃ me, si wɔe be, le kpɔɖeŋu me, esrɔ̃ Helagbe, Hebrigbe, xexemenunya, mawuŋutinunya, akɔntabubuŋutinunya, kple ɣletiviŋutinunya. Exɔ Roma Katoliko Sɔlemeha la ŋuti sewo sɔsrɔ̃ ƒe ɖaseɖigbalẽ kɔkɔtɔ esime woxɔ ƒe 22. Woɖoe papatenɔla le ƒe 1448 me.

Anɔ abe ƒe 550 enee nye esia la, Nicholas of Cusa ɖo ame tsitsiwo dzi kpɔƒe aɖe le Kues, si nye du si woyɔna fifia be Bernkastel-Kues, si didi tso Bonn gbɔ abe kilometa 130 ene le anyiehe gome, le Germany. Afi siae Cusa ƒe agbalẽdzraɖoƒe si me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo wu 310 le la le fifia. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo dometɔ ɖeka nye esi woyɔna be Codex Cusanus 220, si me mawunya si Cusa gblɔ le ƒe 1430 me la le. Le mawunya ma, si wòna tanyae be In principio erat verbum (Le Gɔmedzedzea Me Nya La Li), me la, Nicholas of Cusa zã ale si woyɔa ŋkɔ Yehowa le Latingbe me, si nye Iehoua.b Agbalẽa ƒe axa 56 lia gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu be: “Mawu ŋutɔe tsɔ ŋkɔ sia na eɖokui. Enye Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene. . . . Esiae nye Mawu ƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la vavã.” Nicholas of Cusa ƒe nya siawo ɖo kpe nyateƒenya si nye be Mawu ƒe ŋkɔ dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔawo me la dzi.—2 Mose 6:3.

Ƒe alafa 15 lia me blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ sia nye nuŋlɔɖi xoxotɔ kekeake siwo li, siwo me wonɔ te ɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe dzi ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ wònye “Iehoua” le la, dometɔ ɖeka. Nuŋlɔɖi sia ganye kpeɖodzi bubu be, le mɔ vovovo siwo katã nu woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo hena ƒe alafa geɖewo la, eŋɔŋlɔ siwo ɖi “Yehowa” la koe bɔ wu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wogayɔa Nicholas of Cusa be Nikolaus Cryfts (Krebs), Nicolaus Cusanus, kple Nikolaus von Kues. Kues ye nye ŋkɔ si woyɔna na Germany ƒe du si me wodzii ɖo la tsã.

b Eƒe mawunya sia de Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Cusa ƒe Agbalẽdzraɖoƒe la

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe