INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 11/15 axa 29
  • Nyɔnuvi Sue Aɖe Si Wɔ Dɔmenyo Gã Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuvi Sue Aɖe Si Wɔ Dɔmenyo Gã Aɖe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 11/15 axa 29

Nyɔnuvi Sue Aɖe Si Wɔ Dɔmenyo Gã Aɖe

NYITSƆ laa la, nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe asieke si le Brazil la ŋutɔ tso le eɖokui si ɖe afɔ aɖe. Ema ga si wòdzra ɖo la ɖe akpa eve me—dɔlar 18 kple dɔlar 25. Eda dɔlar 18 la ɖe nudzɔɖaka si le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me la me be woatsɔe ado alɔ hamea. Eyome wòtsɔ dɔlar 25 la ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le du ma me, eye wòŋlɔ lɛta kpui aɖe kpe ɖe eŋuti. Eƒe lɛtaa me nyawo yi ale: “Medi be madzɔ ga sia ne woatsɔ ado alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Nye didie nye be makpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le xexea me godoo la ŋu be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Lɔlɔ̃ gã si le asinye na Yehowa ye ʋãm mele ga sia dzɔm.”

Nyɔnuvi sue sia dzilawo fia vevienyenye si le etɔ si nua wɔwɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ŋu lae. Wona wòkpɔ nu si ta wòle vevie be wòatsɔ eƒe ‘kesinɔnuwo ade bubu Yehowa ŋu’ la hã dze sii. (Lod. 3:9) Abe ale si nyɔnuvi sue sia wɔe ene la, neva eme be mí katã míanɔ gome kpɔm le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me dzonɔamemetɔe—anɔ asi kpem ɖe míaƒe hamewo kple xexea me katã ƒe dɔa siaa ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe