INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/1 axa 32
  • Yesu Tsɔ Eƒe Agbe Na Ðe Ame Geɖewo Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Tsɔ Eƒe Agbe Na Ðe Ame Geɖewo Ta
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/1 axa 32

Yesu Tsɔ Eƒe Agbe Na Ðe Ame Geɖewo Ta

Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be yeva anyigba dzi “menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Elɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na ɖe ame bubuwo ƒe viɖe ta.

Alekee Yesu to eƒe ku dzi na tafee? Nu ka tae esia va hiã? Ame kawo tae Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖo? Eye vi kae eƒe kua aɖe na wò?

Yehowa Ðasefowo le kpewòm lɔlɔ̃tɔe be nàwɔ ɖeka kpli yewo yewodzro ale si Biblia ɖo biabia siawo ŋui me. Ƒe sia me la, Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia adze Braɖa, March 30 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Woadzro ale si Ŋɔŋlɔawo ɖo biabia siawo ŋui la me le wɔna sia me.

Àte ŋu akpɔ gome le wɔna sia me le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋu wò me. Bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me woagblɔ gamea kple teƒe si woawɔe le la na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe