INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/1 axa 15
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Woawɔ Nu Ðe Sitsoƒedilawo Ŋu ƒe Kpɔɖeŋu
    Nyɔ!—1996
  • “Mizu Ame Dakpewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/1 axa 15

Ènyaa?

Ðoɖo kae nɔ nukuwo fɔfɔ ŋu le blema, eye ame kawoe wòɖe vi na?

▪ Mose ƒe Sea meɖe mɔ na agbledelawo be woaxa nukuwo le woƒe agblewo me ƒiaƒiaƒia o. Menɔ na wo be woaxa nukuwo le agble me va se ɖe bo to ke o. Mele be ame siwo xa waingblemenuwo la nafɔ waintsetse siwo dudu ɖe anyi la o, eye mele be woatrɔ ayi aɖagbe esiwo meɖi esi woxa nukuawo zi gbãtɔ o. Mele be ame siwo ƒo woƒe waintiwo hexa waintsetsewo la natrɔ ayi aɖagbe esiwo medudu la o. (3 Mose 19:9, 10; 5 Mose 24:19-21) Ekema ame dahewo, tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple amedzrowo ate ŋu ayi aɖafɔ agblemenuku siwo tsi anyi la.

Nukuwo fɔfɔ ƒe ɖoɖo sia ɖe vi na ame sia ame le Israel. Le agbletɔwo gome la, efia wo be woanye nunalawo, be woagadi wo ɖokui tɔ o, eye be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòayra yewo. Ke le ame siwo fɔ nukuawo gome la, ana woasrɔ̃ kutrikuku, elabena menye dɔ vie nukuwo fɔfɔ nye o. (Rut 2:2-17) Nukuwo fɔfɔ ƒe ɖoɖo sia wɔe be dɔ mewua ame dahewo o, eye wo dzi kpɔkpɔ hã menyea agba na ame bubuwo o. Eye menana wosena le wo ɖokui me hã be yewomele ɖeke me o, le esi wòle be woanɔ nu biam alo anɔ amewo sinu kpɔm be woana nu yewo o.

Nu ka tae Salomo dɔ woɖatso atiwo tso keke Libanon ke hena gbedoxɔa tutu le Yerusalem?

▪ Nuŋlɔɖi si le 1 Fiawo 5:1-10 la ƒo nu tso ɖoɖo aɖe si nɔ Salomo kple Tiro fia, Xiram, dome la ŋu. Le ɖoɖo ma nu la, woabla sederti kple sesewutiwo tatata ato ƒu dzi tso Libanon ayi Israel bena woatsɔ atu gbedoxɔae.

Sederti nye nu vevi aɖe si wotsɔ tsaa asi le blema Titina Ɣedzeƒe. Zi geɖe la, Egiptetɔwo kple Mesopotamiatɔwo tsɔnɛ kpaa gbedoxɔwo kple fiasãwo ƒe ʋɔtrutiwo kple fesretiwo, eye wotsɔnɛ wɔa xɔgbatiwo na xɔ siawo. Blematɔwo ƒe nudzraɖoƒewo, agbalẽwo, kple nuŋɔŋlɔ siwo woɖe ɖe kpe dzi la, ɖo kpe edzi be wotsɔa sedertiwo tso duta yia Mesopotamia ƒe ɣedzeƒe dugã vovovowo me, ɣeaɖewoɣi wonyea aboyonu alo adzɔ na fiawo. Le Egipte la, wotsɔnɛ kpaa tɔdziʋu na fiawo, amekukuɖaka, kple nu bubu siwo wotsɔ ɖia amee.

Sederti si tso Libanon la xɔ ŋkɔ, le esi wòsẽ, eye wònya kpɔna heʋẽna lilili ta, azɔ hã, nugbagbeviwo mete ŋu ɖunɛ o. Eya ta xɔtunu nyuitɔ kekeake siwo nɔ anyi lae Salomo tsɔ nɔ gbedoxɔa tumee. Egbea, sederti ƒe ave siwo xɔ Libanon towo dzi tsã la zu avekɔe ʋɛ aɖewo ko le teƒeteƒe aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Wotsɔ Libanon ƒe sedertiwo le ƒu dzi tom, Asiriatɔwo ƒe kpetata le Sargon ƒe fiasã me

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Erich Lessing/Art Resource, NY

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe