Dutoƒonuƒo Tɔxɛ
Nu Kae Akpe Ðe Mía Ŋu Míanɔ Te Ðe Egbe Ƒe Kuxiwo Nu?
Aɖaŋuɖoɖotsoƒewo bɔ ɖe xexe sia me ŋutɔ. Ame geɖe doa vivi ɖe agbalẽ kple television dzi wɔna siwo fiaa amewo ale si woanɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu la ŋu. Ke hã, gbesiagbe kuxiwo gakpɔtɔ li. Ðewohĩ èbu eŋu kpɔ be, ‘Ðe mɔfiametsoƒe aɖe li si ŋu mate ŋu aɖo ŋu ɖo ŋutɔŋutɔa?’ Ŋuɖoɖoae nye ɛ̃!
Togbɔ be Biblia xɔ ƒe akpe geɖe hã la, mɔfiame siwo ganyo na mí egbea le wo me siwo ate ŋu ana míakpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo abe esiawo ene:
▪ Aleke makpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahana mía kple ame bubuwo dome nanɔ nyuie wu?
▪ Aleke mawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me?
▪ Aleke mawɔ anɔ te ɖe gakuxiwo nu?
▪ Nu kae mawɔ be nye dzimaɖitsitsiwo dzi naɖe akpɔtɔ?
Woadzro biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo me le dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ðe Biblia Ƒe Gɔmeɖosewo Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu Míanɔ Te Ðe Egbekuxiwo Nua?” la me. Woana nuƒo sia si wotu ɖe Biblia dzi la le xexea me godoo le dukɔ siwo wu 230 me. Le teƒe geɖe la, woaƒo nuƒo sia le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me le Kwasiɖagbe, May 1, 2011 dzi.
Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alɔ̃ faa be yewoagblɔ ɣeyiɣi kple teƒe si woawɔe le la na wò. Míele kpewòm vividoɖeameŋutɔe be nàva.