Fia Nu Viwòwo
Nu Si Ta Wolɔ̃ Dorkas Ðo
MÍ KATÃ míedina be amewo nalɔ̃ mí. Wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema?—a Biblia ƒo nu tso Dorkas ŋu. Enye nyɔnu aɖe si ame geɖe lɔ̃ ŋutɔ.
Yopa, si nye du aɖe si te ɖe Mediterranea Ƒua ŋue Dorkas nɔ. Yopa didi tso Yerusalem gbɔ kilometa 56. Dorkas nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka.
Èsusu be nu ka tae amewo lɔ̃ Dorkas nenema gbegbe ɖo?— Biblia gblɔ be ewɔ nu nyui geɖe, eye wòna nu nyuiwo amewo. Edze ƒãa be esi wònɔ agbe la, etɔa awu nyuiwo na ahosiwo. Ahosiwo nye nyɔnu siwo srɔ̃ ku. Azɔ hã, eƒoa nu tso Yehowa, Mawu vavã la ŋu na amewo abe ale si Yesu wɔe do ŋgɔ ene.
Ke azɔ ènya nu si dzɔ ɖe Dorkas dzia?— Edze dɔ vevie, eye wòku. Exɔlɔ̃wo katã lé blanui. Eya ta wodɔ amewo ɖa be woaɖayɔ apostolo Petro le afi si wòle, si didi abe kilometa 16 ene tso Yopa. Wogblɔ nɛ be neva kaba. Esi Petro va ɖo la, eyi dziƒoxɔa dzi le afi si Dorkas le. Nyɔnuawo katã nɔ avi fam, eye wotsɔ awu siwo Dorkas tɔ na wo la fiae.
Azɔ Petro na ame sia ame do go le xɔa me. Petro kple apostolo bubuawo wɔ nukunu vovovowo kpɔ, gake wo dometɔ aɖeke mefɔ ame kuku ɖe tsitre kpɔ o. Nu kae nèsusu be Petro awɔ fifia?—
Petro dze klo ɖe ame kukua xa, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Azɔ egblɔ na Dorkas be wòatsi tsitre. Ale Dorkas fɔ! Petro lé eƒe alɔnu hekpe ɖe eŋu wòtsi tsitre. Eyome eyɔ ahosiawo kple ame bubuawo, eye wòtsɔe fia wo. Ðe mèkpɔe be dzi adzɔ wo katã ŋutɔ oa?—
Azɔ na míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Dorkas ƒe tsitretsitsi ŋuti nya sia me. Nu siwo míesrɔ̃ tso eme ƒe ɖee nye be ne èkpena ɖe amewo ŋu la, wo dometɔ geɖe alɔ̃ wò hã. Gake nu si gale vevie wue nye be Mawu aɖo ŋku dziwò, eye wòalɔ̃ wò. Maŋlɔ nu nyui siwo nèwɔna na amewo la be gbeɖe o. Eye le eƒe xexe yeye si me dzɔdzɔnyenye anɔ me la, ana nànɔ agbe tegbee le dzidzɔ me.
Xlẽe le wò Biblia me
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.