Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe wòanya wɔ be míanya ŋkeke ƒe gaƒoƒo si tututu dzi wohe Yesu Kristo ɖe ati ŋua?
Nyabiase sia fɔ ɖe te, elabena edze abe vovototo aɖe le nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me, si Nya Nyui ŋlɔla Marko ŋlɔ kple esi apostolo Yohanes ŋlɔ, ku ɖe Yesu ƒe kua ŋu dome ene. Marko gblɔ be: “Gaƒoƒo etɔ̃lia ɖo azɔ, eye [asrafowo hee] ɖe ati ŋu.” (Mar. 15:25) Le Yohanes ƒe nya nu la, “gaƒoƒo adelia lɔƒo mee” Pilato de Yesu asi na Yudatɔwo be woahee ɖe ati ŋu. (Yoh. 19:14-16) Biblia ŋuti numeɖelawo na numeɖeɖe vovovowo esi wonɔ agbagba dzem be yewoaɖe nya siawo siwo dze abe ɖe wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene la me. Ke hã Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi geɖe meli siwo dzi míanɔ te ɖo aɖe vovototo si le nuŋlɔɖi eve siawo dome la me o. Gake ne míebu ale si amewo bua ɣeyiɣiwo le ŋkeke mawo me ŋu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.
Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, Yudatɔwo ma ŋkekea ƒe ɣeyiɣi si ɣea nɔa dzi la ɖe gaƒoƒo 12 me, eye wodzea exexlẽ gɔme tso agudzeɣi. (Yoh. 11:9) Eya ta “gaƒoƒo etɔ̃lia” dzea egɔme tso ŋdi ga enyi hewua enu ŋdi ga asieke, eye “gaƒoƒo adelia” wua enu ga wuieve me lɔƒo. Le nyateƒe me la, le teƒe mawo la, ɣea dzena heɖoa to le ɣeyiɣi vovovowo dzi le ƒea me. Le esia ta ɣeyiɣi si ɣe dzena va se ɖe esime ɣe ɖoa to la ƒe didime tsoa ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wole gbɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ɣemaɣi la, afi si ɣea le ye fiaa ŋkekea ƒe gaƒoƒo si me wole. Le esia ta, wometea ŋu yɔa gaƒoƒoa pɛpɛpɛ o. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso nudzɔdzɔ geɖe ŋu be wodzɔ le gaƒoƒo etɔ̃lia, adelia, alo asieke lia me lɔƒo. (Luka 23:44; Yoh. 19:14; Dɔw. 10:3, 9, 30) Eyɔ gaƒoƒo aɖe koŋ, abe “gaƒoƒo adrelia” ene, le esi ɣeyiɣia nyanya hiã vevie le nudzɔdzɔ si ŋu wole nu ƒom tsoe la me ko ta.—Yoh. 4:52.
Nya Nyui gbalẽawo katã gblɔ nya ɖeka le ɣeyiɣi si me nuwo dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔa dzi me. Nuŋlɔɖi eneawo katã ɖee fia be nunɔlawo kple dumegãwo kpe ta ŋdi kanya, eye emegbe wokplɔ Yesu yi na Roma Nutomefia Pontio Pilato. (Mat. 27:1; Mar. 15:1; Luka 22:66; Yoh. 18:28) Mateo, Marko, kple Luka siaa ka nya ta be, tso gaƒoƒo adelia dzi, esime Yesu nɔ atia ŋu xoxo la, viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi “va se ɖe gaƒoƒo asiekelia” dzi.—Mat. 27:45, 46; Mar. 15:33, 34; Luka 23:44.
Nu vevi ɖeka aɖe si anya kpɔ ŋusẽ ɖe gaƒoƒo si wohe Yesu ɖe ati ŋu la yɔyɔ dzie nye esi: Wobua ameƒoƒo kple fuwɔwɔe be enye amehehe ɖe ati ŋu ƒe akpa ɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ƒoƒoa nu sẽna ale gbegbe be amea toa eme kuna. Le Yesu gome la, ƒoƒoa nu anya sẽ ŋutɔ, si na wòva hiã be ame bubu nadro fuwɔameti la nɛ, esi eya ŋutɔ magate ŋu atsɔe o ta. (Luka 23:26; Yoh. 19:17) Ne wobu ɣeyiɣi si me wodze Yesu ƒoƒo gɔme be enye amehehe ɖe ati ŋu ƒe gɔmedzedze la, ɣeyiɣi aɖe ava yi godoo hafi woaklãe ɖe fuwɔametia ŋu. Ame vovovowo ate ŋu ayɔ gaƒoƒo vovovowo be eya dzie wohee ɖe ati ŋu, eye esia anɔ te ɖe amehehe ɖe ati ŋu ƒe akpa si teƒe eya ŋutɔ kpɔ kple ɣeyiɣi si me wònɔ dzɔdzɔm le dzi.
Esi Nya Nyui ŋlɔla bubuawo ŋlɔ woƒe nuŋlɔɖiawo vɔ ƒe geɖe megbee apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe nuŋlɔɖia. Eya ta Nya Nyui ŋlɔla mawo ƒe nuŋlɔɖiwo nɔ anyi wòakpɔ. Nyateƒee, Yohanes yɔ gaƒoƒo si dze abe eto vovo tso Marko tɔ gbɔ ene. Ke hã esia ɖo kpe edzi kɔtɛ be Yohanes mekpɔ Marko ƒe nuŋlɔɖia dzi gbugbɔ ŋlɔ dzro ko o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ye ʋã Yohanes kple Marko siaa. Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi geɖewo meli siwo míatsɔ aɖe vovototoa me o hã la, míate ŋu aka ɖe Nya Nyui gbalẽawo me nuŋlɔɖiawo dzi.