INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 5/1 axa 32
  • “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 5/1 axa 32

“Dzɔ Wò Dzi Ŋu!”

Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

FIÐAGBE ƑE TANYA

“Yehowa Kpɔa Keke Dzi Me Ke”​—1 SAMUEL 16:7.

MEMLEÐAGBE ƑE TANYA

“Nya Si Wu Dzi La, Eyae Nu Gblɔna”​—MATEO 12:34.

KWASIÐAGBE ƑE TANYA

“Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo”​—1 KRONIKA 28:9.

Biblia ƒo nu tso dzi la ŋu zi akpe ɖeka kloe. Kpɔɖeŋudzia ŋue Ŋɔŋlɔawo ƒoa nu tsoe zi geɖe, ke menye amegbetɔ ƒe dzi ŋutɔŋutɔ o. Nu kae kpɔɖeŋudzia nye? Ele tsitre ɖi na ame si míenye le ememe—nu siwo ŋu míebuna, míaƒe seselelãmewo, kple nudzodzrowo.

Nu ka tae wòle be míadzɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ŋu? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòŋlɔ bena: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Agbe si míele fifia ƒe nyonyome kple agbe si míava nɔ le etsɔme la nɔ te ɖe nɔnɔme si me míaƒe kpɔɖeŋudzia le dzi. Nu ka tae? Elabena dzia mee Mawu kpɔna. (1 Samuel 16:8) Ale si Mawu bua míi la nɔ te ɖe ame si míenye le ememe, si nye “dzi me ƒe ame ɣaɣla” la dzi.—1 Petro 3:4.

Aleke míadzɔ míaƒe dzi ŋu? Woadzro biabia sia ƒe ŋuɖoɖo me tsitotsito le takpekpe siwo Yehowa Ðasefowo awɔ le xexea me godoo si adze egɔme tso ɣleti sia me la me. Míele kpewòm vividoɖeameŋutɔe be nàkpɔ gome le ŋkeke etɔ̃ takpekpe ƒe wɔna bliboa me.a Nu siwo nàsrɔ̃ la akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si ado dzidzɔ na Yehowa Mawu ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Àkpɔ takpekpewɔƒe si te ɖe ŋuwò la le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org. Àte ŋu abia eŋunya Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Foto si le ɖusime: Aus dem Fundus der MÜNCHNER OLYMPIAPARK GMBH, München

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe