Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe
“Mele Ale Si Malɔ̃ Nya Nyui Kaka Dɔa Geɖe Wu La Srɔ̃m Gbe Sia Gbe”
LE ƑE 1886 me la, wolɔ Millennial Dawn (L’Aurore du Millénium) gbalẽa ƒe Babla I alafa ɖeka tso Bible House si nɔ Allegheny Pennsylvania, U.S.A. la dze mɔ yina Chicago, Illinois. Nɔviŋutsu Charles Taze Russell nɔ mɔ kpɔm be yeama agbalẽ yeye la na agbalẽdzraƒewo. Asitsahabɔbɔ gã aɖe si dzraa subɔsubɔgbalẽwo le Amerika la lɔ̃ be yewoanɔ Millennial Dawn gbalẽawo xɔm anɔ dzadzram. Gake le kwasiɖa eve megbe la, wotrɔ agbalẽ siwo katã woɖo ɖe asitsahabɔbɔa la gbɔ va Bible House la.
Nyatakakawo ɖee fia be, mawunyagblɔla xɔŋkɔ aɖe do dziku vevie esi wòkpɔ Millennial Dawn la le eƒe agbalẽwo xa le agbalẽdzraƒea. Egblɔ dzikutɔe be, ne womeɖe Dawn gbalẽawo ɖa le agbalẽdzraƒea o la, ye kple ye xɔlɔ̃ mawunyagblɔla xɔŋkɔ bubuawo yewoalɔ yewoƒe agbalẽwo adzo ayi aɖado adzɔ kple asitsaha bubu. Eya ta agbalẽdzraƒea trɔ Dawn gbalẽawo vae, evɔ medo dzidzɔ nɛ o. Gakpe ɖe eŋu la, míedo boblo Dawn gbalẽa le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Gake tsitretsiɖeŋulawo gblẽ ɖoɖo sia hã me. Ke aleke agbalẽ yeye sia awɔ aɖo ame siwo nyateƒea ƒe tsikɔ le wuwum la gbɔ?
Nya nyui kakalawo na wokpɔ kuxi sia gbɔ.a Le ƒe 1881 me la, Zion’s Watch Tower (Le Phare de la Tour de Sion) magazine la mia asi gbeƒãɖela 1,000 siwo ate ŋu azã woƒe ɣeyiɣiwo katã ama Biblia srɔ̃gbalẽawo na amewo. Togbɔ be nya nyui kakalawo nye ame alafa ʋɛ aɖewo ko hã la, wokaka nyateƒea ƒe kuwo to agbalẽwo dzi yi didiƒe ke. Kaka ƒe 1897 naɖo la, woma Dawn gbalẽ siwo ade miliɔn ɖeka kloe, eye nya nyui kakalawoe ma akpa gãtɔ. Ga sue si wokpɔna ɖe Gbetakpɔxɔ nudɔdɔ alo agbalẽ ɖe sia ɖe si woma ƒe asi dzi la nue wo dometɔ akpa gãtɔ nɔa agbe ɖo.
Ame kawoe nye nya nyui kakala dzinɔameƒotɔ mawo? Ame aɖewo dze dɔa gɔme esime wonye ƒewuiviwo, eye bubuwo nye ame tsitsiwo. Wo dometɔ geɖewo nye trewo alo srɔ̃tɔ siwo si vi mele o, ke hã ƒome gbogbo aɖewo hã wɔ nya nyui kaka dɔa. Ɣemaɣi la, gbesiagbe nya nyui kakalawo ɖea gbeƒã ŋkeke bliboa, eye kpekpeɖeŋu nya nyui kakalawo ya ɖea gbeƒã gaƒoƒo ɖeka alo eve gbe sia gbe. Menye ame sia ame sie lãmesẽ le alo nɔnɔmea ɖe mɔ na be wòazu nya nyui kakala o. Gake le ƒe 1906 ƒe takpekpe gã aɖe me la, wogblɔ na ame siwo ate ŋui la be mehiã be woanye “ame desukuyiŋgɔwo, alo ame siwo si dzɔdzɔmeŋutete tɔxɛ le, alo anye ame siwo ƒoa nu abe mawudɔlawo ene” hafi o.
Le anyigbagãwo katã kloe dzi la, ame tsɛ siawo wɔ dɔ wɔnuku aɖe. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be yema agbalẽ siwo ade 15,000 sɔŋ le ƒe adre me. Gake egblɔ be: “Menye ɖe meva zu nya nyui kakala be manye agbalẽdzrala o, ke boŋ be manye Yehowa kple eƒe nyateƒea ƒe ɖaseɖila.” Afi ɖe sia ɖe si nya nyui kakalawo yi la, nyateƒea ƒe kuwo ƒoa ke ɖe to le afi ma eye Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒowo tea dzidzi ɖe edzi.
Subɔsubɔhakplɔlawo ɖua fewu le nya nyui kakalawo ŋu be agbalẽdzralawo dzro ko wonye. Ƒe 1892 ƒe Gbetakpɔxɔ ka nya ta be: “Ame ʋɛ aɖewo koe nya [wo] abe Aƒetɔ la teƒenɔla vavãwo ene, alo kpɔa asixɔxɔ si le wo ŋu le Aƒetɔ la ŋkume, le woƒe ɖokuibɔbɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ta, la dzea sii.” Vavãe, abe ale si wo dometɔ ɖeka gblɔe ene la, menye “dɔ bɔbɔe ye” nya nyui kakalawo ƒe dɔa nye kura o. Ɣemaɣi la, nu vevitɔ siwo wozãna hena mɔzɔzɔe nye afɔkpa sesẽwo kple gasɔwo. Afi siwo ganyawo sesẽ le la, nya nyui kakalawo tsɔa agbalẽawo naa amewo hexɔa nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le gbeƒãɖeɖe ŋkeke bliboa vɔ megbe la, gbeƒãɖela siawo siwo ŋu ɖeɖi te gake wole dzidzɔ kpɔm la trɔna yia woƒe avɔgbadɔwo kple xɔ siwo wohaya la me. Eyome nɔviawo to tasiaɖam aɖe si wowɔ abe aƒe ene la vae eye wona ŋkɔe be Nya Nyui Kakalawo Ƒe Tasiaɖam; esia kpe ɖe wo ŋu wowɔ dɔ geɖe le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe me eye wòna woƒe gazazãwo hã dzi ɖe kpɔtɔ.b
Tso Ƒe 1893 Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Chicago dzi la, wotrɔa asi le takpekpewo ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖewo ŋu etɔxɛ na nya nyui kakalawo. Wobiaa gbe wo wogblɔa gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo, mɔnu siwo wozãna le gbeƒãɖeɖedɔa me, kple aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu. Nɔviŋutsu Russell de dzi ƒo na gbeƒãɖela dovevienu siawo gbe ɖeka be, ŋdi me la, woaɖu nu aɖi ƒo nyuie, ne ewɔ vie la, woano nyinotsi kplu ɖeka, eye ne ŋdɔ le ʋuʋum helĩhelĩ la, woano aha vivi fafɛ aɖe.
Nya nyui kakala si le zɔhɛ, alo ame si ado eve nɛ le gbeƒãɖeɖedɔa me dim la, tsia ka aŋutiɖiɖi ɖe eƒe awu ƒe akɔta le takpekpea me. Nya nyui kakala yeyewo wɔa dɔ kple esiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Edze ƒãa be hehenana ma hiã, elabena esi nya nyui kakala yeye aɖe si tsi dzodzodzoe la di be yeana agbalẽ aɖe la, egblɔ be: “Mèdi be yeaxɔ agbalẽ siawo o, alo?” Dzidzɔtɔe la, aƒemenɔlaa xɔ agbalẽa, eye wòva zu mía nɔvinyɔnu emegbe.
Nɔviŋutsu aɖe bia kpɔ be, ‘Ðe wòle be mayi nye dɔ si me ga geɖe le la wɔwɔ dzi eye manɔ Amerika dɔlar 1,000 dzɔm ƒe sia ƒe atsɔ anɔ alɔ dom dɔa loo, alo ɖe wòle be nye hã mazu nya nyui kakala?’ Woɖo eŋu nɛ be, Aƒetɔ la akpɔ ŋudzedze ɖe evea sia ŋu, gake eƒe ɣeyiɣiwo katã tsɔtsɔ na Aƒetɔ la tẽe ana wòakpɔ yayra geɖe wu. Nɔvinyɔnu Mary Hinds bu nya nyui kaka dɔa be eyae nye “mɔ nyuitɔ si dzi ame ato awɔ nyui na ame agbɔsɔsɔme gã aɖe.” Eye Alberta Crosby si ŋu kpena la hã gblɔ be: “Mele ale si malɔ̃ nya nyui kaka dɔa geɖe wu la srɔ̃m gbe sia gbe.”
Egbea la, nya nyui kakala bibi mawo ƒe dzidzimeviwo kple ame siwo ŋu wokpe ɖo la gakpɔtɔ dea asixɔxɔ gbɔgbɔmedomenyinu sia ŋu vevie. Ne mɔɖela aɖeke mele wò ƒomea me haɖe o la, ɖe manyo be wò ŋutɔ nàdze egɔme be wò ƒomea nàte ŋu ava tu xo na wo megbeviwo oa? Wò hã àva nɔ ale si nàlɔ̃ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu la srɔ̃m gbe sia gbe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ƒe 1931 megbee wotrɔ ŋkɔ “nya nyui kakala” wòzu “mɔɖela.”
b Míaƒo nu tso tasiaɖam si le abe aƒe ene la ŋu tsitotsito le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo gbɔna la dometɔ aɖe me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
Mehiã be woanye “ame desukuyiŋgɔwo, alo ame siwo si dzɔdzɔmeŋutete tɔxɛ le, alo anye ame siwo ƒoa nu abe mawudɔlawo ene” hafi o
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Nya nyui kakala A. W. Osei le Ghana, le ƒe 1930 me lɔƒo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 32]
Etame: Nya nyui kakala Edith Keen kpakple Gertrude Morris le England, ƒe 1918 me lɔƒo; ete: Stanley Cossaboom kple Henry Nonkes le United States, siwo le tsitre ɖe aɖakago ƒuƒlu siwo me agbalẽ siwo woma nɔ la gbɔ