INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/1 axa 3
  • Agbalẽ Dzro Aɖe Koea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Dzro Aɖe Koea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/1 axa 3

Agbalẽ Dzro Aɖe Koea?

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo . . . , bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”​—2 TIMOTEO 3:16, 17.

MENYE ame sia amee kpɔe be ele be woagblɔ nya nyui sia gbegbe tso Biblia ŋu o. Ke wò ya ɖe? Nya siwo gbɔna la dometɔ kae wɔ ɖeka kple ale si nèbua Bibliae?

• Enye agbalẽ nyui aɖe

• Ðeko wòle abe agbalẽ kɔkɔe bubuawo dometɔ ɖeka ene

• Enye blema ŋutinyagbalẽ si me agbemenufiamewo le

• Enye Mawu ƒe Nya

Biabia si do ƒome kple emae nye, Ðe nu si dzi nèxɔ se la le veviea? Bu nu si Biblia ŋutɔ gblɔ la ŋu kpɔ: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta, bene to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Romatɔwo 15:4) Eya ta Biblia ɖee fia be ɖe woŋlɔe be wòafia nu mí, afa akɔ na mí, eye wòana mɔkpɔkpɔ mí.

Gake ne agbalẽ nyui aɖe, alo agbalẽ kɔkɔe bubuawo dometɔ ɖeka koe Biblia nye la, ɖe nàka ɖe eƒe nufiamewo dzi ahatsɔe afia mɔ wò ƒomea, vevietɔ ne nya siwo le eme mewɔ ɖeka kple nu si dzi nèxɔ se be eyae le eteƒe oa? Ne nyakpakpawo koe le Biblia me la, ɖe eƒe ŋugbedodowo ate ŋu ana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ wòa?

Ke hã, ame miliɔn geɖe siwo srɔ̃ Biblia la kpɔ kakaɖedzi be enye Mawu ƒe Nya si le etɔxɛ. Nu ka tae? Nu kae na Biblia to vovo na agbalẽ bubu ɖe sia ɖe? Míade dzi ƒo na wò be nàde ŋugble le nu atɔ̃ siwo ɖe dzesi le Biblia ŋu le nyati siwo kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe