INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 3/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Ka Tae Mawu Dɔ Yesu Ðe Anyigba Dzi Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 3/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo?

Srɔ̃ mele Mawu si ne wòadzi vi nɛ abe ale si wòle le amegbetɔwo gome ene o. Eyae nye nu gbagbewo katã Wɔla. Mawu wɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woaɖe yeƒe nɔnɔmewo afia. Esia tae woyɔ Adam, si nye amegbetɔ gbãtɔ si Mawu wɔ la, be “Mawu ƒe vi” ɖo. Nenema kee woyɔ Yesu hã be “Mawu ƒe Vi” le esi Mawu, si nye Fofoa, wɔe kple nɔnɔme siwo le abe etɔwo ene ta.—Xlẽ Luka 3:38; Yohanes 1:14, 49.

Ɣekaɣie wowɔ Yesu?

Mawu wɔ Yesu hafi wɔ Adam. Le nyateƒe me la, esi Mawu wɔ Yesu vɔ la, eto Yesu dzi wɔ nu bubuwo katã, siwo dome mawudɔlawo hã le. Esia tae Biblia yɔ Yesu be Mawu ƒe “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” ɖo.—Xlẽ Kolosetɔwo 1:15, 16.

Hafi woadzi Yesu le Betlexem la, enye mawudɔla nɔ dziƒo. Esi ɣeyiɣia de la, Mawu tsɔ Yesu si nɔ dziƒo la ƒe agbe va de Maria ƒe vidzidɔ me ale be woate ŋu adzii wòanye amegbetɔ.—Xlẽ Luka 1:30-32; Yohanes 6:38; 8:23.

Nu ka tae Mawu na wodzi Yesu ɖe anyigba dzi wònye amegbetɔ? Dɔ vevi kae Yesu va wɔ? Àte ŋu akpɔ nyabiase mawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me, eye woakpe ɖe ŋuwò nàse nu si Mawu kple Yesu wɔ na wò la gɔme ahade asixɔxɔ geɖe wu eŋu.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 4 me. Yehowa Ðasefowoe tae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe