INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 10/1 axa 5
  • Mawu Wɔ Ðoɖo Be Yeaɖe Ameƒomea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Wɔ Ðoɖo Be Yeaɖe Ameƒomea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Míekpɔ Mesia La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Wonɔ Mɔ Kpɔm Na Mesia La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yesu Kristo—Amesi Dzi Mi̇́ato Adze Si Mawu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 10/1 axa 5

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA KOŊ ŊUE BIBLIA ƑO NU TSOE?

Mawu Wɔ Ðoɖo Be Yeaɖe Ameƒomea

Mawu do ŋugbe na Abraham nuteƒewɔla la be ‘dzidzimevi’ si ŋugbe yedo la adzɔ tso eƒe dzidzimeviwo me. Dzidzimevi ma dzie woato ayra “dukɔwo katã.” (1 Mose 22:18) Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob va ʋu yi ɖanɔ Egipte-nyigba dzi, eye eƒe ƒomea dzi ɖe edzi le afi ma va zu Israel dukɔ si nɔ anyi le blema.

Emegbe la, Farao aɖe si nye ŋutasẽla la va wɔ Israel viwo kluviwoe va se ɖe esime Mawu ɖo Mose nyagblɔɖilae; eyae kplɔ dukɔ la dzo le Egipte eye wotso Ƒudzĩ si me ma nukutɔe la. Esia megbe la, Mawu na Se Ewoawo kple se bubuwo Israel viwo be wòafia mɔ wo ahakpɔ wo ta. Se siwo ku ɖe vɔ siwo woasa hena nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke ŋu hã nɔ se mawo me. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Mose wògblɔ na Israel viwo be Mawu adɔ nyagblɔɖila bubu aɖe ɖe wo. Nyagblɔɖila mae anye ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo la.

Ƒe 400 kple edzivɔ megbe la, Mawu do ŋugbe na Fia David be ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo le Eden-bɔa me la ava ɖu fia ɖe fiaɖuƒe aɖe si anɔ anyi tegbee la dzi. Eyae anye Mesia, alo Ðela, si Mawu tia be wòaɖe amegbetɔƒomea eye wòagbugbɔ aɖo Paradiso la anyi ɖe anyigba dzi.

Mawu to David kple nyagblɔɖila bubuwo dzi ɖe nu geɖe fia tso Mesia la ŋu vivivi. Wogblɔe ɖi be abɔbɔ eɖokui ahanyo dɔme, eye dɔwuame, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple aʋawɔwɔ manɔ eƒe fiaɖuƒea me o. Amegbetɔwo katã anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo, eye woanɔ ŋutifafa me kple lãwo gɔ̃ hã. Dɔléle, fukpekpe kple ku nu ayi, elabena womenɔ Mawu ƒe tameɖoɖoa me le gɔmedzedzea me o, eye woafɔ ame siwo ku la woagava nɔ agbe le anyigba dzi ake.

Mawu gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Mixa dzi be woadzi Mesia la le Betlexem, eye wògblɔe ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi be woava wu Mesia la emegbe. Gake Mawu afɔ Mesia la tso ku me eye wòaɖoe Fia le dziƒo. Daniel gblɔe ɖi hã be mlɔeba la, Mesia la ƒe Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe dziɖuɖu bubuwo katã teƒe tegbee. Ðe Mesia la va abe ale si wogblɔe ɖi ene vavã?

​—Numeɖeɖe siawo tso 1 Mose, ta 22-50, kpakple 2 Mose, 5 Mose, 2 Samuel, Psalmowo, Yesaya, Daniel, Mixa, Zaxarya 9:9.

MAWU ƑE ŊKƆ KƆKƆE LA

Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa dze le Biblia me zi gbãtɔ le 1 Mose 2:4. Ŋkɔ tɔxɛ sia dze abe zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ ene le gbe siwo me woŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo gbã la ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me. Mawu ƒe ŋkɔa, si gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme” la, na míeka ɖe edzi be ŋutete le esi be wòana eƒe tameɖoɖowo kple ŋugbedodowo katã nava eme bliboe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe