INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 7/1 axa 3
  • Nya Vɔ̃wo Do Agbogbo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Vɔ̃wo Do Agbogbo!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Vɔ̃ Dzɔna Ðe Ame Nyuiwo Dzi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nukatae Mawu Ðea Mɔ Míekpea Fu?
    Nyɔ!—2004
  • Mawue Nana Míekpea Fua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 7/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE VƆ̃ DZƆNA ÐE AME NYUIWO DZI?

Nya Vɔ̃wo Do Agbogbo!

Ƒometɔ siwo lé blanui hele nu xam vevie

Wonya Smita,a nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 35, si le Dhaka, Bangladesh la nyuie be ewɔa ame eye wòtsɔa ɖe le eme na amewo. Wonyae be enye srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ kple dzidzɔme si dina be yeafia nu si yenya tso Mawu ŋu la ame bubuwo. Bu ale si gbegbe Smita ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe dzi gbãe esi wòdze dɔ kpata eye mede kwasiɖa ɖeka o ko wòku ŋu kpɔ!

James kple srɔ̃a, siwo le woƒe ƒe 30-awo me hã nye ame siwo amewo buna ame ɖɔʋuwoe abe Smita ke ene. Gbe ɖeka le adame la, woyi wo xɔlɔ̃wo kpɔ ge ɖa le United States ƒe nuto si nye West Coast. Womegatrɔ gbɔ va woƒe aƒe me le New York gbeɖe o. Wokpɔ ʋufɔku dziŋɔ aɖe le mɔa dzi eye woƒe agbe tsi eme, si wɔe be woƒe ame veviwo kple woƒe dɔwɔhatiwo se le wo ɖokui me be nu gã aɖe bu na yewo.

Egbea la, mehiã be ame natsa du hafi akpɔe be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe bɔ o. Wowua dumevi dzrowo kple asrafowo siaa le aʋawɔwɔ me. Hlɔ̃dodo kple ŋutasesẽ wɔe be amewo le kukum dzodzro. Ƒe ka kee ame ɖaxɔ o, afɔku dziŋɔwo kple dɔlémafɔewo ɖea fu na ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Dzɔdzɔmefɔkuwo tsrɔ̃a du blibowo keŋkeŋ. Fuléle ame le afi si wòtso ta kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi. Ðewohĩ nu siawo dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ.

Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe biana be:

  • Nu ka tae vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi?

  • Mawu gbɔe nu siawo tsona?

  • Ðe afɔkuwo dzɔna le wo ɖokui sia, alo amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔe wòtsona?

  • Ðe amewo kpea fu ɖe agbe si wonɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ta, abe ale si Karma dzi xɔselawo gblɔnɛ enea?

  • Ne Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe li la, ke nu ka tae mekpɔa ame nyuiwo ta be vɔ̃ nagadzɔ ɖe wo dzi o?

  • Ðe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe nu ava yi gbe aɖe gbea?

Hafi míate ŋu aɖo nyabiase mawo ŋu la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi eve siawo: Nu ka tae nya vɔ̃wo dzɔna ɖo, eye nu kae Mawu awɔ tso eŋu?

a Míetrɔ ŋkɔawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe