INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 8/1 axa 5
  • Mawu Sea Nu Gɔme Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Sea Nu Gɔme Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Sea Nu Gɔme Na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Wowɔ Mí Nukutɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • ‘Yehowa, Èdze Sim’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Wowɔ Mí “Nukutɔe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 8/1 axa 5

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE MAWU TSƆA ÐE LE EME NA WÒA?

Mawu Sea Nu Gɔme Na Wò

“Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim.”—PSALMO 139:1.

Domenyiŋusẽfianu ƒe foto kple fugboe

“Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm.”—PSALMO 139:16

NU SI TAE AME AÐEWO KEA ÐI: Ame geɖe susuna be Mawu bua amegbetɔwo be wonye nu vɔ̃ wɔlawo kple ame makɔmakɔwo, eye womedze be yeabu wo ŋu o. Kendra, si nye nyɔnu aɖe si blanuiléledɔ ɖe fu na la kpea fu le dzitsinya ƒe fɔbuame si me, elabena esena le eɖokui me be yemate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ o. Egblɔ be, esia ta, “Nyemegadoa gbe ɖa o.”

NYA SI MAWU ƑE NYA LA GBLƆ: Yehowa sea ale si tututu wò nɔnɔmeawo le la gɔme eye meléa ŋku ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Biblia gblɔ be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” Gawu la, mewɔna na mí ɖe “míaƒe nu vɔ̃wo nu o,” ke boŋ ne míenya trɔ dzi me ko la, ekpɔa nublanui na mí hetsɔa míaƒe vodadawo kea mí.​—Psalmo 103:10, 14.

Bu David si nye fia le Israel, si ŋu míeƒo nu tso le nyati siawo ƒe gbãtɔa me ŋu kpɔ. David do gbe ɖa na Mawu be: “Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ [eŋu nuwo katã ɖi] ɖe wò agbalẽ me . . . Mawu, dzro menye, eye nàdze si nye dzi!” (Psalmo 139:16, 23) Ɛ̃, David ka ɖe edzi be togbɔ be yewɔ nu vɔ̃ gãwo ɣeaɖewoɣi hã la, Yehowa ate ŋu akpɔe be yetrɔ dzi me.

Yehowa nya wò nyuie hesea nu gɔme na wò wu amegbetɔ ɖe sia ɖe. Biblia gblɔ be: “Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.” (1 Samuel 16:7, NW) Mawu nya nu si ʋãa mí míewɔa nu; enya ale si míaƒe dzɔdzɔme, hehe si míexɔ, afi si míenɔ tsi, kple ale si míaƒe amenyenye kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii la siaa. Enya ame si tututu míenye, eye wòdea asixɔxɔ mía ŋu, togbɔ be míewɔa vodada geɖe hã.

Gake esi Mawu nya ‘ale si tututu’ nèle nyuie alea la, nu ka wɔm wòle be yeatsɔ afa akɔ na wò?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe