INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 10/1 axa 4
  • Ðe Ame Aɖe Sea Gbedodoɖawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ame Aɖe Sea Gbedodoɖawoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 10/1 axa 4
Yesu fɔ mo dzi le gbe dom ɖa esime eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ ta

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NU NYUI AÐE DONA TSO GBEDODOÐA MEA?

Ðe Ame Aɖe Sea Gbedodoɖawoa?

Ame aɖewo susuna be ɣeyiɣi gbegblẽe gbedodoɖa nye; wosusuna be ame aɖeke mesea gbedodoɖawo o. Ame aɖewo ya te ŋu do gbe ɖa, ke hã wose le wo ɖokuiwo me be womeɖo eŋu na yewo o. Mawudzimaxɔsela aɖe susu ale si eya bu be Mawu le ko hedo gbe ɖa be: “Do dalĩ nam mase ko.” Gake egblɔ be Mawu “zi kpi.”

Ke hã Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu li ŋutɔŋutɔ eye wòsea gbedodoɖawo. Biblia gblɔ tso dukɔ aɖe si nɔ anyi le blema ŋu be: “[Mawu] ave mia nu godoo ne ese miaƒe ɣlidodo la; ne esee ko la, atɔ na mi.” (Yesaya 30:19) Biblia gagblɔ hã be: “Ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa dzea Eŋu.”—Lododowo 15:8.

Yesu do gbe ɖa na Fofoa, eye “wòɖo toe.”—Hebritɔwo 5:7

Ame siwo ƒe gbedodoɖawo Mawu se la ƒe kpɔɖeŋuwo hã le Biblia me. Mawunyakpukpui aɖe gblɔ be Yesu ɖe “kuku vevie na Ame si te ŋu ɖee” la, eye “wòɖo toe.” (Hebritɔwo 5:7) Míate ŋu akpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu bubuwo hã le Daniel 9:21 kple 2 Kronika 7:1.

Ke nu ka tae ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be womeɖoa yewoƒe gbedodoɖawo ŋu o? Hafi woase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míado gbe ɖa na Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe, si ŋkɔe nye Yehowa,a ke menye na mawu bubu aɖe alo tɔgbui kukuwo o. Mawu di tso mía si hã be nu siwo ‘míabia nawɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu,’ si fia be woanye nu siwo dzea ye ŋu. Mawu ka ɖe edzi na mí be ne míedo gbe ɖa alea la, ‘yeaɖo to mí.’ (1 Yohanes 5:14) Eya ta hafi woase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míanya Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la, eye míanya eƒe lɔlɔ̃nu.

Ame geɖe xɔe se be menye subɔsubɔkɔnu dzro aɖee gbedodoɖa nye o, ke boŋ Mawu sea gbedodoɖawo vavã eye wòɖoa wo ŋu hã. Isaac, si le Kenya, gblɔ be: “Medo gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Esia megbe kpuie la, ame aɖe te ɖe ŋunye hegblɔ nam be yeakpe ɖe ŋunye.” Hilda, si le Philippines la, di be yeadzudzɔ atamanono. Esi wòdze agbagba zi geɖe be yeaɖe asi le eŋu do kpoe la, srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Ðe manyo be nàbia Mawu ne wòakpe ɖe ŋuwò oa?” Hilda wɔ ɖe srɔ̃a ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye wògblɔ emegbe be: “Ale si Mawu kpe ɖe ŋunyee la wɔ nuku nam ŋutɔ. Ðeko wòwɔ abe atamanono ƒe dzodzroa nu nɔ tsitsim le menye ene. Mete ŋu dzudzɔ enono mlɔeba.”

Ðe wòanye be Mawu di be nàgblɔ wò didi siwo wɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu la na ye eye yeakpe ɖe ŋuwòa?

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe