INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 4 axa 4
  • Nu Ka Tae Biblia Menyunyɔ O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Biblia Menyunyɔ O?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Agbalẽ La Wɔ Gakpɔtɔ Li?
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • Biblia La Ale Si Wokpɔ Etae Ƒe Ŋutinya Ðedzesi Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Me Nyawo Gade Pɛpɛpɛ Togbɔ Be Wodze Agbagba Be Woatrɔ Eƒe Gbedeasia Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 4 axa 4

NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA​—NU SI TAE ENU MEYI O

Nu Ka Tae Biblia Menyunyɔ O?

KUXI SIWO ME WÒTO: Aƒlagbalẽwo kple lãgbalẽwo koŋ dzie Biblia-ŋlɔlawo kple nugbugbɔŋlɔlawo ŋlɔ emenyawo ɖo.a (2 Timoteo 4:13) Aleke nu siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo la ate ŋu ana enu nayi bɔbɔe?

Aƒlagbalẽ tea ŋu dzena, eklona hegbɔdzɔna bɔbɔe. Richard Parkinson kple Stephen Quirke, siwo nye blema Egipte ŋuti nunyalagãwo la gblɔ be: “Aƒlagbalẽ va nyunyɔna mlɔeba hetua wɔ eye ka ɖeɖe sɔŋ koe susɔna ɖi. Ne woxatsae hedae ɖe nudzraɖoƒe la, fafa lénɛ wòdzea fufu alo nyunyɔna, eye nudzodzoeviwo alo afiwo ate ŋu aɖui, vevietɔ baba ɖunɛ ne woɖii ɖe to me.” Esi woke ɖe aƒlagbalẽ aɖewo ŋu megbe la, kekeli si nu sẽ alo yame ƒe fafa na wo dome gblẽ kaba.

Lãgbalẽ nɔa anyi didina wu aƒlagbalẽ, gake eya hã nyunyɔna ne womelé be nɛ o alo wodae ɖe afi si xɔ dzo gbãgbãgbã, teƒe si fa miamiamia, alo akaɖi si nu sẽ la nu.b Nudzodzoeviwo hã ɖea kpe na lãgbalẽwo. Esia tae agbalẽ si ƒo nu tso blema Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe agbalẽŋɔŋlɔ ŋu la gblɔ tso blemanuŋlɔɖiwo ŋu be, “wonyunyɔna godoo, ke ƒãa hafi ɖewo nɔa anyi eteƒe didina.” (Everyday Writing in the Graeco-Roman East) Ne ɖe Biblia nyunyɔ alea la, anye ne emenyawo hã nu yi kplii.

ALE SI WÒDZƆE BE BIBLIA GAKPƆTƆ LI: Yudatɔwo ƒe se la ƒoe ɖe woƒe fia ɖe sia ɖe nu be “wòagbugbɔ Se sia . . . aŋlɔ ɖe agbalẽ me na eɖokui”; esiawoe nye Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo. (5 Mose 17:18) Gakpe ɖe eŋu la, nugbugbɔŋlɔla bibiwo gbugbɔ ŋlɔ ŋɔŋlɔawo ale gbegbe be kaka ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli naɖo la, Ŋɔŋlɔawo nɔ anyi woakpɔ le ƒuƒoƒewo le Israel-nyigba dzi godoo kple keke Makedonia ke hã! (Luka 4:16, 17; Dɔwɔwɔwo 17:11) Ke aleke wòdzɔe be asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ aɖewo gakpɔtɔ li va de asi na egbea?

1. Anyize aɖe; 2. Ƒu Kukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dometɔ ɖeka ƒe akpa aɖe

Anyizewo mee wotsɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo woyɔna be Ƒu Kukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo la dee hetsɔ wo dzra ɖo ɖe agadowo me le nuto si me ƒu kplakplakpla la me, eye wonɔ afi ma ƒe alafa geɖe

Agado si me woke ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo ŋu le

Nubabla Yeyea ŋuti nunyala Philip W. Comfort gblɔ be: “Wonya Yudatɔwo nyuie be wotsɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽxatsaxatsawo dea anyizewo me be woatsɔ akpɔ wo ta.” Edze ƒãa be Kristotɔwo hã yi edzi wɔe nenema ke. Esia wɔe be woke ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo ŋu le anyizewo, nudzraɖoƒe siwo me do viviti kple agadowo me, le nuto siwo me ƒu kplakplakpla la me.

NU SI DO TSO EME: Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ akpe geɖe siwo ƒe akpa aɖewo nyunyɔ, siwo dometɔ aɖewo woŋlɔ ƒe 2,000 kple edzivɔ ye nye esia, la gakpɔtɔ li va de asi na egbea. Blemanuŋlɔɖi aɖeke ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo mesɔ gbɔ de Biblia tɔwo nu alo tsi nenema gbegbe o.

a Aƒlagbalẽ nye agbalẽ si dzi woŋlɔa nu ɖo, si wotsɔa keti alo aɖa si miena le tsi me la wɔna.

b Le kpɔɖeŋu me, lãgbalẽ dzie woŋlɔ Amerika Dukɔa Ƒe Ðokuisinɔnɔ Ŋuti Nyameʋuʋu si te wode asii, si le se nu la ɖo. Togbɔ be mexɔ ƒe 250 haɖe o hã la, nuŋɔŋlɔa tutu ale gbegbe be bebli hafi woate ŋu axlẽe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe