Emenyawo
3 Nyagbe Aɖe Si Wɔ Dɔ Ðe Ame Dzi Ŋutɔ!
DECEMBER 26, 2016–JANUARY 1, 2017 ƑE KWASIÐA
4 “Miyi Edzi Mianɔ Dzi Dem Ƒo Na Mia Nɔewo Gbe Sia Gbe”
Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ye ɖo dzidede ƒo na ame ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Apostolo Paulo hã kpɔe be dzidede ƒo na ame le vevie ŋutɔ. Ne míesrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuawo la, akpe ɖe mí katã ŋu be míawɔ mía tɔ sinua ana lɔlɔ̃ kple dzideƒonyawo naxɔ aƒe ɖe míaƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpataa siaa me.
JANUARY 2-8, 2017 ƑE KWASIÐA
9 Mawu Ƒe Nyaa Nana Eƒe Amewo Subɔnɛ Le Ðekawɔwɔ Me
JANUARY 9-15, 2017 ƑE KWASIÐA
14 Ðe Nèdea Asixɔxɔ Gã Yehowa Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ La Ŋua?
Le nyati siawo me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia siawo: Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be Yehowa subɔlawo nawɔ nu le ɖoɖo nu? Aleke Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le ɖoɖo nu? Aleke míate ŋu aɖee afia be míele Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe?
19 “Dɔ La Lolo”
JANUARY 16-22, 2017 ƑE KWASIÐA
JANUARY 23-29, 2017 ƑE KWASIÐA
26 Wodo Le Alakpasubɔsubɔ Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te
Nyati siawo akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si me Mawu ƒe amewo yi Babilon ƒe aboyo me kple agbagba siwo amesiaminawo dze le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo be yewoase Yehowa ƒe Nya la gɔme nyuie. Míadzro nu si Biblia Nusrɔ̃viwo ɖo kplikpaa be yewoawɔ ku ɖe Babilon Gã la ŋu me. Azɔ hã, míanya ɣeyiɣi si me Babilon ƒe aboyomenɔnɔa wu enu.