INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 2 axa 6-7
  • Aleke Wòle Be Nàwɔ Nu Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake La Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Wòle Be Nàwɔ Nu Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake La Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Yesu Kristo​—Ale Si Eƒe Gbedeasia Ka Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake—Nu Ka Tae Wòxɔ Asi Ŋutɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 2 axa 6-7
Nyɔnu aɖe le Biblia srɔ̃m

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀLƆ̃ AXƆ MAWU ƑE NUNANA GÃTƆ KEKEAKE LA?

Aleke Wòle Be Nàwɔ Nu Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake La Ŋu?

“Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu. . . . Eye wòku ɖe wo katã ta, ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta.”—2 Korintotɔwo 5:14, 15.

ELE be nunana vevi aɖe si wona mí naʋã mí míada akpe. Yesu te gbe ɖe esia dzi esi wòda dɔ na ŋutsu ewo siwo ŋu dɔléle vɔ̃ɖi si wometea ŋu dana ɣemaɣi o le. Ŋutsu ewoawo dometɔ ɖeka ‘trɔ va hele Mawu kafum lélele.’ Yesu bia be: “Menye ame ewoawo katã ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe?” (Luka 17:12-17) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ate ŋu adzɔ be míaŋlɔ nu si ame aɖe wɔ na mi la be kaba!

Tafe la xɔ asi wu nunana ɖe sia ɖe. Eyae nye nunana gãtɔ kekeake si wona kpɔ. Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe nu si Mawu wɔ na wò la ŋu?

  • Nya Ame si na nua wò. Tafea mana míakpɔ agbe mavɔ agbagba aɖeke madzemadzee o. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me na Mawu be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ne ame aɖe gblɔ na wò be ŋutsu aɖe xɔ wò ɖe agbe le wò ɖevime la, ɖe màdi be yeanya nu geɖe tso ame ma ŋu kple susu si ta wòxɔ na wò ɖo oa? Menye ɖeko Yehowa Mawu, ame si na tafea be wòaxɔ mí ɖe agbe la di be nànya ame si yenye ko evɔ o, ke boŋ edi be ye kpli wò dome nanɔ kplikplikpli. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

  • Nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa

    Xɔ tafea dzi se. “Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi.” (Yohanes 3:36) Nu kae wòfia be woaxɔ nane dzi ase? Ehiã be nàɖe afɔ aɖewo; eya ta be nàɖee afia be yexɔ tafea dzi se la ele be wòadze le wò nuwɔnawo me. (Yakobo 2:17) Nuwɔna kawo? Hafi nunana aɖe nazu tɔwò la, ele be nàlɔ̃ axɔe. Eya ta ele be nàlɔ̃ axɔ tafea. Le mɔ ka nu? Srɔ̃ ale si Mawu di be nànɔ agbee, eye nàwɔe nenema.a Do gbe ɖa na Mawu be wòatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò eye dzitsinya nyui nasu asiwò. Te ɖe Mawu ŋu kple kakaɖedzi be tafea ana etsɔme si me ŋutifafa, dedienɔnɔ kple nudzedziname le la asu ame siwo katã ɖea xɔse fiana la si!—Hebritɔwo 11:1.

  • Wole nuƒo nam le Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia ɖuƒe

    De Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Yesu ɖo wɔna aɖe anyi be woatsɔ anɔ ŋku ɖom tafea dzi ƒe sia ƒe. Egblɔ tso wɔnaa ŋu be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Yehowa Ðasefowo aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi le Braɖa, April 11, 2017 le ɣeɖoto megbe. Wɔnaa axɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene eye woaƒo nuƒo si aɖe nu si ta Yesu ƒe kua le vevie kple vi siwo wòaɖe na mí fifia kple etsɔme la me. Le ƒe si va yi me la, ame siwo ade miliɔn 20 ye de Ŋkuɖodzia le xexea me godoo. Míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí ne míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake la ŋu.

a Mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya Mawu ahate ɖe eŋue nye be nàsrɔ̃ eƒe Nya Biblia. Bia Yehowa Ðasefo aɖe ne wòafia ale si nàwɔ esia la wò alo nàyi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe