INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 5 axa 6
  • Mawudɔla Vɔ̃ɖiwo Lia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawudɔla Vɔ̃ɖiwo Lia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 5 axa 6
Mawudɔla vɔ̃ɖiwo, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWUDƆLAWO—WOLI ŊUTƆŊUTƆA? NU SI TA NYA SIA LE VEVIE

Mawudɔla Vɔ̃ɖiwo Lia?

Ɛ̃, mawudɔla vɔ̃ɖiwo li. Afi kae wotso? Ðo ŋku edzi be Mawu wɔ mawudɔlawo eye wòna tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo. Esi wowɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ Adam kple Xawa vɔ megbe kpuie la, mawudɔla deblibo aɖe zã eƒe ablɔɖea le mɔ gbegblẽ nu eye wòna wodze aglã le anyigba dzi. Ete ŋu ble Adam kple Xawa wodze aglã ɖe Mawu ŋu. (1 Mose 3:1-7; Nyaɖeɖefia 12:9) Biblia meyɔ mawudɔla sia ŋkɔ alo ɖoƒe si nɔ esi le dziƒo hafi wòdze aglã o. Gake le eƒe aglãdzedzea megbe la, Biblia yɔe wòsɔ nyuie be Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula” kple Abosam, si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.”—Mateo 4:8-11.

Nublanuitɔea, woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu mese ɖe afi ma o. Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla gbogbo aɖewo ‘gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi’ le Mawu ƒe ƒomea me le dziƒo. Woɖi va anyigba dzi eye wotrɔ wo ɖokuiwo zu amegbetɔwo be yewoava nɔ agbe gbegblẽ. Menye nenemae wowɔ wo be woanɔ agbee hafi o.—Yuda 6; 1 Mose 6:1-4; 1 Petro 3:19, 20.

Nu kae va dzɔ ɖe mawudɔla vɔ̃ɖi mawo dzi? Esi Mawu he tsiɖɔɖɔa vɛ tsɔ tsrɔ̃ nuwo le anyigba bliboa dzi la, wogatrɔ wo ɖokuiwo hetrɔ dzo yi gbɔgbɔmenutowo me. Ke hã Mawu meɖe mɔ na mawudɔla ɖigbɔawo be woatrɔ ayi “afi si woda wo ɖo le gɔmedzedzea me” la o. Ke boŋ esika wo ɖe nɔnɔme ɖigbɔ aɖe si nye “[gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi” si woyɔna be Tartaro la me. (Yuda 6; 2 Petro 2:4) Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo va le Satana Abosam si nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia,” ame si “wɔa eɖokui abe kekeli ƒe dɔla ene” la ƒe ŋusẽ te.—Mateo 12:24; 2 Korintotɔwo 11:14.

Biblia fia nu be woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si nye dziɖuɖu si le dziƒo la anyi le ƒe 1914 me.a Esi woɖo fiaɖuƒea anyi megbe la, wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Vɔ̃ɖinyenye kple agbe baɖa nyɔŋu si bɔ hele dzidzim ɖe edzi le anyigba dzi egbea, nye kpeɖodzi be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo do dziku eye woɖoe be yewoagblẽ nu le amewo ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9-12.

Ke hã ale si agbe baɖa nɔnɔ kple ŋutasẽnu dziŋɔwo le fievo dom ɖe edzi la ɖo kpe edzi be woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tagbɔsesẽtɔe la nu ayi kpuie. Eteƒe madidi o woaxɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋuta siawo si. Ne Mawu Fiaɖuƒea ɖu anyigba dzi paradisoa dzi ƒe 1,000 vɔ la, woana mɔnukpɔkpɔ mamlɛa gbɔgbɔ vɔ̃ mawo be woado amewo akpɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Emegbe woatsrɔ̃ wo tegbee.—Mateo 25:41; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7-10.

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe