Emenyawo
FEBRUARY 27, 2017–MARCH 5, 2017 ƑE KWASIÐA
7 “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nu Nyui”
Nyati sia dzro ale si ƒe 2017 ƒe Mawunyakpukpuia dea dzi ƒo na mí be míadi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la me. Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋuwo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu esime míawo ŋutɔwo míele nu sia nu si míate ŋui la wɔm be míakpɔ kuxiawo gbɔ eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu.
MARCH 6-12, 2017 ƑE KWASIÐA
12 De Asixɔxɔ Tiatiawɔblɔɖe Si Mawu Na Wò Ŋu
Míasrɔ̃ ale si míaɖee afia be míedea asixɔxɔ tiatiawɔblɔɖe si Mawu na mí ŋu le nyati sia me. Míawɔ esia ne míezãa nunana sia le mɔ si dzea Mawu ŋu nu. Akpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ ale si míade bubu ale si ame bubuwo wɔa woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔe ŋu.
MARCH 13-19, 2017 ƑE KWASIÐA
17 Nu Si Tae Afi Si Míaƒe Ŋutete Se Ðo Nyanya Le Vevie
MARCH 20-26, 2017 ƑE KWASIÐA
22 Àte Ŋu Abɔbɔ Ðokuiwò Le Dodokpɔwo Gɔ̃ Hã Me
Nyati siawo akpe ɖe mía ŋu míagase nɔnɔme nyui si nye dzesidede afi si míaƒe ŋutete se ɖo gɔme nyuie wu. Nyati gbãtɔa ɖe nu si nɔnɔme nyui sia nye kple nu si menye o me. Evelia fia mí nu si míawɔ be míaƒe susu nanɔ afi si míaƒe ŋutete se ɖo ŋu le dodokpɔwo gɔ̃ hã me mí.
MARCH 27, 2017–APRIL 2, 2017 ƑE KWASIÐA
27 “Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo”
Ne dzidzime bubu va le xɔxɔm ɖe xoxoa teƒe la, ɖekakpuiwo va wɔa dɔ siwo nɔvi tsitsiwo wɔna tsã. Nyati sia dzro akpa si ɖekakpuiwo kple nɔvi tsitsiwo ate ŋu awɔ be tɔtrɔ sia nadze edzi nyuie la me.
32 Ènyaa?