Emenyawo
3 Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Turkey
AUGUST 28, 2017–SEPTEMBER 3, 2017 ƑE KWASIÐA
Nyati sia dzro ale si míate ŋu azã míaƒe nunɔamesiwo atsɔ ‘adze xɔlɔ̃woe’ le dziƒo la me. (Luka 16:9) Azɔ hã, edzro ale si míawɔ be míagazu kluviwo na ŋukeklẽ ƒe asitsanuɖoanyi si le xexe sia me o kpakple ale si míawɔ asubɔ Yehowa bliboe wu la me.
SEPTEMBER 4-10, 2017 ƑE KWASIÐA
12 “Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”
Aleke Kristotɔ awɔ ado dzi ne eƒe ame vevi aɖe ku eye eƒe dzi gbã gudugudu? Yehowa naa akɔfafa si míehiã vevie la mí to Yesu Kristo, Ŋɔŋlɔawo kple Kristo hamea dzi. Nyati sia afia mí ale si míawɔ akpɔ akɔfafa kple ale si míafa akɔ na ame bubu siwo hã le nu xam.
SEPTEMBER 11-17, 2017 ƑE KWASIÐA
17 Nu Ka Tae Wòle Be Míakafu Yehowa?
Psalmo 147 lia de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo enuenu be woakafu Yehowa. Nu kae wɔ dɔ ɖe hakpalaa dzi le Yehowa Mawu ŋu nenema gbegbe be wòdi be woakafui? Nyati sia ɖe eme. Gakpe ɖe eŋu la, eɖe nu si tae wòle be míawo hã míadi be míakafu Mawu la me.
SEPTEMBER 18-24, 2017 ƑE KWASIÐA
22 Yehowa “Nena . . . Wò Ðoɖowo Katã Nadze Edzi Na Wò”
Nɔvi ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe le wo ɖokuiwo ƒom ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Ke wò ɖe, nu kae nàdi be yeawɔ? Nyati sia dzro Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo siwo ana nàkpɔ dzidzedze kple dzidzɔ le etsɔme la me.