Emenyawo
OCTOBER 29, 2018–NOVEMBER 4, 2018 ƑE KWASIÐA
3 “Ne Mienya Nu Siawo La, Ekema Dzidzɔtɔwoe Mianye Ne Miewɔa Wo Dzi”
Viɖe aɖeke menɔa sidzedze ŋu nenye be womewɔ eŋu dɔ o. Gake míehiã ɖokuibɔbɔ be míawɔ nu si míesrɔ̃ la dzi. Nyati sia ade dzi ƒo na mí be míakpɔtɔ anye ɖokuibɔbɔlawo. Aɖee afia be míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃ ame siwo ŋu Biblia gblɔ le be woɖe gbeƒã na ame ƒomevi vovovowo, wodo gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta, eye wokpɔ Yehowa sinu be wòakpe ɖe yewo ŋu la ƒe kpɔɖeŋuwo.
8 Kristotɔ Tsitsiwo—Yehowa Dea Asixɔxɔ Miaƒe Nuteƒewɔwɔ Ŋu
NOVEMBER 5-11, 2018 ƑE KWASIÐA
12 Yi Edzi Nànɔ Lɔlɔ̃ Ðem Fia, Elabe Lɔlɔ̃ Tua Ame Ðo
Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ele bɔbɔe be agbemekuxiwo nana dzi naɖe le mía ƒo alo nu nate ɖe mía dzi. Yehowa kple Yesu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi. Gake agba le mí katã dzi be míafa akɔ na mía nɔewo ahade dzi ƒo na mía nɔewo. Nyati sia fia ale si míatu mía nɔewo ɖo le lɔlɔ̃ me la mí.
NOVEMBER 12-18, 2018 ƑE KWASIÐA
17 Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”
Yehowa nye Mawu dzidzɔtɔ, eye edi be ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ. Gake, aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ togbɔ be míele xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me tom le Satana ƒe xexea me? Le Todzimawunyaa me la, Yesu ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzidzɔ kpɔm tso fifia yi ɖe mavɔ me.
NOVEMBER 19-25, 2018 ƑE KWASIÐA
23 Eyae Nye Ŋusẽkatãtɔ La, Ke Hã Ebua Ame Ŋu
NOVEMBER 26, 2018–DECEMBER 2, 2018 ƑE KWASIÐA
28 Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ameŋububu Kple Eƒe Dɔmenyonyo
Le xexe sia si me ame geɖe va le ɖokuitɔdilawo zum me la, Yehowa ƒe amewo ya to vovo, elabe wolɔ̃a amewo tso dzi me. Go siwo me lɔlɔ̃ sia dzena le la dometɔ ɖekae nye be, wowɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋububutɔe, eye esia mee míadzro le nyati eve siawo me. Gbã, míakpɔ ale si Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu ameŋububutɔe me. Eyome míadzro mɔ siwo nu míate ŋu asrɔ̃ eyama le la dometɔ aɖewo me.