INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/93 axa 5
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 1/93 axa 5

Gbeƒãɖeɖewo

◼ January ƒe agbalẽnunana: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. February: Axa 192 ƒe agbalẽ ɖesiaɖe si wota le ƒe 1983 me alo do ŋgɔ na ema. Mina agbalẽa ɖesiaɖe ɖe asia ƒe afã si nye ₵250 dzi. Mɔɖelawo axe ₵125 ɖe agbalẽ mawo dometɔ ɖesiaɖe ta. Ele be amesi kpɔa gakɔntawo dzi la nazã Remittance and Credit Request ƒe agbalẽvia (S-20) ɖeka atsɔ abia fedziɖeɖe ɖe esiwo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo xɔ ta eye wòazã bubu hena esiwo gbeƒãɖelawo kple kpekpeɖeŋumɔɖelawo xɔ. Ne agbalẽ mawo tɔgbe aɖeke mele hamea si o la, ekema woana True Peace and Security—How Can You Find It? ƒe agbalẽa, eye miate ŋu adɔe tso alɔdzedɔwɔƒea. March: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. April: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo wozãna le gbeadzi siwo ŋkɔwo míeyɔ ɖe etame la ate ŋu adɔ wo le ɣleti ɖesiaɖe ƒe “Literature Order Form” (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.

◼ Ele be dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me ne womewɔ esia haɖe o.

◼ Ƒe 1994 ƒe Ŋkuɖodzia dze Memleɖa, March 26 dzi, le ɣeɖoto megbe. Míele ƒe 1994 Ŋkuɖodzia ɖuɣi yɔm na mi kaba do ŋgɔ alea ale be nɔviwo nate ŋu awɔ ɖoɖo alo aɣe xɔwo do ŋgɔ le afisiwo hame siwo le Fiaɖuƒe Akpataa zãm la sɔ gbɔ akpa eyata ele be woadi teƒe bubu la.

◼ Habɔbɔa ta trakt yeye bubu ɖe Eŋlisigbe kple Spaniagbe me be woazã le Yudatɔwo dome. Eƒe tanyae nye Yehowa Ðasefowo—Nukae Woxɔ Se? (Trakt No. 18). Ne woɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me la, woaɖe gbeƒãe.

◼ Agbalẽ Siwo Li Fifia:

Eŋlisigbe: Theocratic Ministry School Guidebook si me wowɔ ɖɔɖɔɖowo le; The Bible—God’s Word or Man’s? Twi-gbe: Sing Praises to Jehovah (Gãtɔ).

◼ Kasɛt Siwo Li:

Eŋlisigbe: Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo (kasɛt ene siwo le go me).

◼ Videokasɛt Siwo Li:

Eŋlisigbe: Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name.

◼ Ƒe 1993 ƒe mawunyakpukpui lae nye: “Yehowa, fia wò mɔm . . . tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!” (Ps. 86:11) Mieŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpuia nyuie klã ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata mea? Ne miewɔ esia haɖe o la, ekema miwɔe kaba.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe